April
Kuɖa, April 1
Esiae nye Fofonye ƒe lɔlɔ̃nu be ame sia ame si kpɔa Vi la, eye wòxɔa edzi sena la nakpɔ agbe mavɔ.—Yoh. 6:40.
Hafi míate ŋu akpɔ agbe mavɔ la, ele be míaɖee afia be míexɔ tafea dzi se. (Ef. 1:7) Ame siwo Yesu yɔ be “alẽ bubuwo” la meɖua aboloa henoa wain la le Aƒetɔ Ƒe Fiẽnuɖuɖu ƒe wɔna si yia edzi ƒe sia ƒe la o, eye mele be woaɖui hã o. (Yoh. 10:16) Gake Yesu Kristo ƒe ŋutilã kple ʋu si wòtsɔ na la ɖea vi na woawo hã. Nu si woawɔ be wòaɖe vi na woe nye be woaɖee afia be yewoxɔ Yesu ƒe tafevɔsaa kple nu nyui siwo katã wòahe vɛ la dzi se. (Yoh. 6:53) To vovo na woawo la, ame siwo ɖua kpɔɖeŋunuawo le Fiẽnuɖuɣia ɖenɛ fiana be yewole nubabla yeyea me eye mɔkpɔkpɔ le yewo si be yewoava ɖu fia le dziƒo. Eya ta nya siawo le vevie na ame siwo ayi dziƒo kple ‘alẽ bubuawo’ la siaa. Ele be mí katã míaxɔ tafea dzi ase vevie hafi míate ŋu akpɔ agbe mavɔ. w24.12 12-13 ¶14, 16
Ŋkuɖodzi Biblia xexlẽ: (Ŋkekea me nudzɔdzɔwo: Nisan 12) Mateo 26:1-5, 14-16; Luka 22:1-6
ŊKUÐODZIŊKEKE
Le Ɣeɖoto Megbe
Yawoɖa, April 2
Alẽha sue, mègavɔ̃ o, elabena edze mia Fofo la ŋu be yeatsɔ Fiaɖuƒe la na mi.—Luka 12:32.
Esi Yesu nɔ Aƒetɔ Ƒe Fiẽnuɖuɖua ɖom anyi la, etsɔ amɔwɔ maʋamaʋãbolo na eƒe apostoloawo eye wògblɔ na wo be etsi tre ɖi na yeƒe ŋutilã. Emegbe etsɔ wain na wo be woano eye wògblɔ be etsi tre ɖi na “nubabla ƒe ʋu.” (Marko 14:22-25; Luka 22:20; 1 Kor. 11:24) Enye “nubabla yeye” si le Yehowa kple “[gbɔgbɔme] Israel ƒe aƒe la” ɖeɖe ko dome; woawoe nye ame siwo aɖu fia kple Yesu “le Mawu Fiaɖuƒe la me.” (Heb. 8:6, 10; 9:15) Nya siwo Yesu gblɔ le Aƒetɔ Ƒe Fiẽnuɖuɣia ku ɖe “alẽha sue” la ŋu. Yesu ƒe apostolo wɔnuteƒe siwo nɔ wɔnaa me kplii lae nye ƒuƒoƒo sue ma me tɔ gbãtɔwo. Ƒuƒoƒo sia me tɔwoe aɖu fia kple Yesu le dziƒo. w24.12 11 ¶9-10
Ŋkuɖodzi Biblia xexlẽ: (Ŋkekea me nudzɔdzɔwo: Nisan 13) Mateo 26:17-19; Marko 14:12-16; Luka 22:7-13 (Le ɣeɖoto megbe: Nisan 14) Yohanes 13:1-5; 14:1-3
Fiɖa, April 3
Mawu lɔ̃ xexea ale gbegbe be wòtsɔ eƒe Tenuvi la na, be ame sia ame si xɔa edzi sena la nagatsrɔ̃ o, ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ.—Yoh. 3:16.
Wode Yesu asi, wolée, wodzui, woda alakpa ɖe esi, wowɔ funyafunyae eye wotso kufia nɛ gɔ̃ hã. Asrafowo kplɔe yi amewuƒea eye woklãe ɖe ati ŋu. Ðikeke mele eme o be Yehowa hã se veve vevie esi wònɔ Via kpɔm wònɔ nu mawo gbegbe me tom. Ŋusẽ geɖe le Yehowa si be wòaɖe Via tso vevesese ma me hafi, ke hã meɖee o. Nu ka tae? Yehowa wɔ esia le esi wòlɔ̃ amegbetɔwo ta. Yesu ƒe kua nye kpeɖodzi gãtɔ kekeake be Yehowa lɔ̃ wò vevie ŋutɔ. Bu afɔ siwo gbegbe Yehowa ɖe tso keke aglãdzeɣia ke kple vevesese si me wòto ale be yeaɖe wò tso nu vɔ̃ kple ku me ŋu kpɔ. (1 Yoh. 4:9, 10) Ɛ̃, edi vevie be yeakpe ɖe mía dometɔ ɖe sia ɖe ŋu be míawɔ avu kple nu vɔ̃ eye míaɖu edzi! w24.08 6 ¶13-14
Ŋkuɖodzi Biblia xexlẽ: (Ŋkekea me nudzɔdzɔwo: Nisan 14) Yohanes 19:1-42
Memleɖa, April 4
Kristo . . . kpe fu le mia ta.—1 Pet. 2:21.
Ne míebu nu si gbegbe me Yehowa lɔ̃ faa to be Via naxe tafea ŋu la, esia ana míakpɔ ale si gbegbe wòlɔ̃ míi. Satana gblɔ be mawusubɔla aɖeke mayi edzi awɔ nuteƒe na Yehowa ne nɔnɔmeawo sesẽ nɛ o. Be woakpɔ ŋuɖoɖo na Satana ƒe nutsotso ma la, Mawu ɖe mɔ Yesu kpe fu vevie hafi ku. (Hiob 2:1-5) Yehowa nɔ eteƒe kpɔm esi amewo nɔ fewu ɖum le Yesu ŋu, asrafowo nɔ eƒom, eye woklãe ɖe ati ŋu. Eye ekpɔ ale si Via lɔlɔ̃a se veve helĩhelĩ va se ɖe ku me. (Mat. 27:28-31, 39) Ŋusẽ le Yehowa si be wòade asi eme be woagawɔ nu mawo ɖe Via ŋu o hafi. (Mat. 27:42, 43) Gake ne ɖe wòxɔ nɛ la, anye ne womaxe tafea o, eye mɔkpɔkpɔ aɖeke manɔ mía si o. Eya ta Yehowa ɖe mɔ Via kpe fu va se ɖe esime wògbɔ eƒe gbɔgbɔ mamlɛtɔ. w25.01 22 ¶7
Ŋkuɖodzi Biblia xexlẽ: (Ŋkekea me nudzɔdzɔwo: Nisan 15) Mateo 27:62-66 (Le ɣeɖoto megbe: Nisan 16) Yohanes 20:1
Kwasiɖa, April 5
Wokpɔe le ŋkeke blaeneawo me.—Dɔw. 1:3.
Nisan 16 lia ƒe 33 Kristotɔwo Ŋɔli (K.Ŋ.) mee. Yesu ƒe nusrɔ̃lawo lé blanui eye vɔvɔ̃ ɖo wo. Eƒe nusrɔ̃la eve dze mɔ tso Yerusalem yina Emaus. Kasia, ŋutsu aɖe va tu wo henɔ mɔa zɔm kpli wo. Nusrɔ̃laawo fa konyi tso nu si dzɔ ɖe Yesu dzi la ŋu. Eyome ŋutsua ɖo dze aɖe kpli wo si womaŋlɔ be akpɔ o. Biblia gblɔ be: “Esi wòdze egɔme tso Mose kple Nyagblɔɖilawo ƒe nuŋlɔɖiwo katã dzi la,” eɖe nu si tae wòle be Mesia la nakpe fu ahaku la me na wo. Mlɔeba esi woɖo Emaus la, ŋutsua ɖe ame si wònye fia wo. Eyae nye Yesu si wofɔ ɖe tsitre! (Luka 24:13-35) Le ŋkeke 40 mamlɛ siwo Yesu tsɔ nɔ anyigba dzi me la, eɖe eɖokui fia eƒe nusrɔ̃lawo zi geɖe. Le ɣeyiɣi ma me la, Yesu de dzi ƒo na eƒe nusrɔ̃la siwo lé blanui henɔ vɔvɔ̃m la. Esia wɔe be dzi dzɔ wo eye dzi ɖo wo ƒo be yewoaɖe gbeƒã ahafia nu amewo tso Fiaɖuƒea ŋu. w24.10 12 ¶1-3
Ŋkuɖodzi Biblia xexlẽ: (Ŋkekea me nudzɔdzɔwo: Nisan 16) Yohanes 20:2-18
Dzoɖa, April 6
Mitu mia ɖokuiwo ɖo ɖe miaƒe xɔse kɔkɔetɔ la dzi.—Yuda 20.
Ne ƒeawo va le yiyim la, míetsina le ŋutilã me, gake menye ɣesiaɣie wònɔa alea le gbɔgbɔ me ya gome o. Le kpɔɖeŋu me, nɔvi siwo nɔ Korinto la xɔ nya nyuia, woxɔ nyɔnyrɔ, woxɔ gbɔgbɔ kɔkɔea, eye wosrɔ̃ nu geɖe tso apostolo Paulo gbɔ. (Dɔw. 18:8-11) Gake ƒe aɖewo le woƒe nyɔnyrɔxɔxɔ megbe gɔ̃ hã la, wo dometɔ geɖe kpɔtɔ nye vidzĩwo le gbɔgbɔ me. (1 Kor. 3:2) Ne míedi be míatsi le gbɔgbɔ me la, ke ele be míana didia nanɔ mía me. Ame siwo ‘medi be yewoanya nu o’ eye wodi be yewoakpɔtɔ anye gbɔgbɔmevidzĩwo la mayi ŋgɔ gbeɖe o. (Lod. 1:22) Mímadi be míanɔ abe ame siwo tsi gake wodi be yewo dzilawo natso nya me na yewo la ene o. Ke boŋ ele be míaɖoe mía ɖokui dzi be míayi ŋgɔ atsi le gbɔgbɔ me. Ne èle agbagba dzem be yeatsi le gbɔgbɔ me la, ke do gbe ɖa na Yehowa be wòana ‘didia kple ŋusẽa’ wò.—Flp. 2:13. w24.04 4 ¶9-10
Braɖa, April 7
Yehowa . . . medi be ame aɖeke natsrɔ̃ o.—2 Pet. 3:9.
Yehowa na míenya ale si wòsena le eɖokui me ne ele ʋɔnu drɔ̃m amewo. (Eze. 33:11)Yehowa metsɔa dzitsitsi tsrɔ̃a amewo ɖikaa o, negbe ɖe susu nyui aɖe li si tae wòawɔe nenema. Eƒe nublanuikpɔkpɔ sɔ gbɔ, eye ekpɔa nublanui ɣesiaɣi si wòhiã. Nu kae míenya tso ame siwo womafɔ ɖe tsitre o ŋu? Wo dometɔ ʋɛ aɖewo ko ŋue Biblia ƒo nu tsoe. Yesu na eme kɔ be womafɔ Yuda Iskariot ɖe tsitre o. (Marko 14:21; Yoh. 17:12) Yuda Iskariot nyae be nu si wɔm yenɔ la nye tsitretsitsi ɖe Yehowa Mawu kple Via ŋu, gake eɖoe koŋ wɔe. (Marko 3:29) Yesu gblɔ tso subɔsubɔhakplɔla siwo tsi tre ɖe eŋu la dometɔ aɖewo hã ŋu be, womafɔ wo ɖe tsitre o. (Mat. 23:33) Eye apostolo Paulo xlɔ̃ nu Kristotɔwo be womafɔ xɔsegbela siwo metrɔ dzi me o la ɖe tsitre o.—Heb. 6:4-8; 10:29. w24.05 4 ¶10-11
Kuɖa, April 8
Yehowa kpɔa nuteƒewɔlawo ta.—Ps. 31:23.
Ne míeyi edzi ku ɖe Yehowa ŋu goŋgoŋ la, Satana mate ŋu agblẽ nu le mía ŋu ɖikaa o. (1 Yoh. 3:8) Le xexe yeyea mea, Yehowa ayi edzi akpɔ exɔlɔ̃ wɔnuteƒewo ta, menye le gbɔgbɔ me ɖeɖe ko o, ke le ŋutilã me hã be wo dometɔ aɖeke nagaku o. (Nyaɖ. 21:4) Mɔnukpɔkpɔ gã aɖee wònye be míele Yehowa ƒe agbadɔ me. Esia fia be mía kple Yehowa dome ate ŋu anɔ kplikplikpli tegbee. (Eze. 37:27) Ne míedi be míakpɔtɔ anɔ Yehowa ƒe agbadɔa me la, aleke wòle be míawɔ nui? Ne ame aɖe kpe wò va eƒe aƒe mea, àdi be yeawɔ nu wòadze eŋu. Nenema kee míedi be míanya nu si Yehowa di tso ame siwo di be yewoayi edzi anɔ eƒe agbadɔ me la si. Lɔlɔ̃ na Yehowa aʋã mí míadi be míawɔ nu sia nu si ana ‘míadze eŋu bliboe.’ (Kol. 1:10) Mele be míaŋlɔ ame si wònye la be o. Ele be míasii ɖa ɣesiaɣi. Esia ana míaƒo asa na nu siwo ado dziku nɛ la wɔwɔ. Míedi vevie be ‘míabɔbɔ mía ɖokui ɖe anyi azɔ kple mía Mawu la.’—Mika 6:8. w24.06 4 ¶8-9
Yawoɖa, April 9
[Exɔ] nya ɖe vodalawo nu.—Yes. 53:12.
Yehowa bia tso Abraham si be wòatsɔ eya ŋutɔ via Isak asa vɔ na ye. Nyateƒee, nu si Yehowa bia tso Abraham si be wòawɔ la sesẽ ale gbegbe. Gake elɔ̃ faa be yeawɔ ɖe Yehowa ƒe nyaa dzi. Esi Abraham tsɔ hɛ be yeawu Isak la, Mawu ɖo asi edzi. Ke hã, nudzɔdzɔ ma fia nu vevi aɖe mí tso nu si Yehowa ŋutɔ ava wɔ ŋu. Yehowa alɔ̃ faa atsɔ Via malɔ̃nugbɔa asa vɔ ɖe amegbetɔwo ta. Aleke gbegbee Yehowa lɔ̃ amegbetɔwoe nye esi. (1 Mose 22:1-18) Ƒe alafa aɖewo megbea, Mawu na Se Israel dukɔa si bia tso wo si be woasa vɔ vovovowo atsɔ alé avu ɖe woƒe nu vɔ̃wo ta. (3 Mose 4:27-29; 17:11) Vɔsa mawo nɔ mɔ dzi dzram ɖo na vɔsa bubu aɖe si de ŋgɔ wu, si ava ɖe amegbetɔƒomea ƒe nu vɔ̃wo ɖa keŋkeŋ. Mawu to eƒe nyagblɔɖilawo dzi na míenya be dzidzimevi la, si va nye Mawu ŋutɔ ƒe Vi malɔ̃nugbɔ la, ava kpe fu eye wòaku ɖe ameƒomea ta be yeaɖe wo tso nu vɔ̃ kple ku si me—wò hã èle eme!—Yes. 53:1-12. w24.08 4 ¶7-8
Fiɖa, April 10
Aleke gbegbe nyemehelɔ̃a wò se lae o! Medea ŋugble le eŋu ŋkeke blibo la.—Ps. 119:97.
Ne èle Biblia xlẽm la, nu vevitɔe nye be nàdi mɔ siwo dzi nàto awɔ ɖe nu siwo nèsrɔ̃ la dzi. Ne èxlẽ mawunyakpukpui aɖe vɔ la, bu ale si nàwɔ eŋu dɔ le wò agbe me ŋu. Bia ɖokuiwò be, ‘Aleke mate ŋu awɔ nya sia ŋu dɔ fifia alo le ŋkeke siwo gbɔna me?’ Le kpɔɖeŋu me, tsɔe be èle 1 Tesalonikatɔwo 5:17, 18 xlẽm. Ne èxlẽe vɔ la, àte ŋu atɔ sẽe abia ɖokuiwò be: Ðe medoa gbe ɖa edziedzia? Ðe nye gbedodoɖawo dea toa? Azɔ de ŋugble le nu siwo Yehowa wɔ na wò siwo dzɔa dzi na wò ŋu. Àte ŋu ada akpe nɛ ɖe wo dometɔ etɔ̃ ta. Ne miniti ʋɛ aɖewo koe nètsɔna dea ŋugble le Mawu ƒe Nyaa ŋu gɔ̃ hã la, àse egɔme eye anɔ bɔbɔe be nàwɔ ɖe edzi. Kpɔ ale si gbegbe wòaɖe vi na wòe ne èwɔa esia le wò Biblia xexlẽ me gbe sia gbe ɖa! Akpe ɖe ŋuwò be ʋɛʋɛʋɛ la, àva nye ame si wɔna ɖe Mawu ƒe Nyaa dzi bliboe. w24.09 4-5 ¶9-10
Memleɖa, April 11
Mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie be nu si míewɔ dɔ kpɔ la nagabu ɖe mi o, ke boŋ be miaxɔ fetu blibo la.—2 Yoh. 8.
Yehowa wɔ mí be míakpɔ dzidzɔ geɖe le nunana me wu nuxɔxɔ. Míaƒe dzi dzea eme ŋutɔ ne míete ŋu kpe ɖe mía nɔviwo ŋu. Eye dzi dzɔa mí ne woɖee fia be yewokpɔ ŋudzedze ɖe nu si míewɔ na yewo ŋu. Ke hã, ne ame si míenyo dɔme na da akpe alo meda akpe o, ele be dzi nadzɔ mí be míewɔ nu si le eteƒe. Ðo ŋku edzi be nu ka kee nèna amewo o, “Yehowa ate ŋu ana nu geɖe wò wu ema.” (2 Kron. 25:9) Le nyateƒe me la, mímate ŋu ana nu amewo wu esi Yehowa ate ŋu ana mí o. Teƒeɖoɖo si tso Yehowa gbɔ ye nye nyuitɔ kekeake! Eya ta mina míaɖoe kplikpaa be míayi edzi anyo dɔme na amewo abe ale si mía Fofo si le dziƒo la wɔnɛ ene. w24.09 31 ¶20-21
Kwasiɖa, April 12
Oo Yehowa, nye Mawu, mele kafuwòm tso dzi blibo me, eye mado wò ŋkɔ la ɖe dzi ɖaa.—Ps. 86:12.
Yehowa kpɔa nublanui eye wòsea veve ɖe ame nu. (Ps. 103:13; Yes. 49:15) Ne míele veve sem la, eya hã sea veve. (Zak. 2:8) Ena wòle bɔbɔe na mí be míate ɖe ye ŋu anye ye xɔlɔ̃wo. (Ps. 25:14; Dɔw. 17:27) Ebɔbɔa eɖokui hã elabe Ŋɔŋlɔawo gblɔ be: “Ebɔbɔ be yeakpɔ dziƒo kple anyigba, efɔa ame tsɛ ɖe tsitre tso ʋuʋudedi me.” (Ps. 113:6, 7) Susu aɖeke meli si ta ame aɖe agblɔ be yematsɔ ŋutikɔkɔe ana mía Mawu gã la o. Míetsɔa ŋutikɔkɔe naa Yehowa elabe míedi be ame bubuwo nava nya nu tso eŋu. Ame geɖe menya ame si tututu Yehowa nye o. Nu ka tae? Elabe Satana kaka alakpanya vɔ̃ɖiwo tso Yehowa ŋu tsɔ gbã ŋku na amewo. (2 Kor. 4:4) Satana ble amewo woxɔe se be Yehowa doa dziku kabakaba, metsɔa ɖeke le eme na mí o, eye eya gbɔe amegbetɔwo ƒe fukpekpe akpa gãtɔ tso. Gake míawo ya míenya nyateƒea tso Mawu ŋu! Eye mɔnukpɔkpɔa su mía si be míana amewo nanya ame si tututu Mawu nye eye míato esia dzi akɔ eƒe ŋkɔa ŋu.—Yes. 43:10. w25.01 3 ¶6-7
Dzoɖa, April 13
Satana . . . le anyigbadzinɔlawo katã blem.—Nyaɖ. 12:9.
Togbɔ be Mawu ƒe Vi Yesu de blibo eye wòwɔ nukunu geɖewo hã, Satana zã ame siwo le eƒe akpa dzi tsɔ kaka alakpanya geɖe tso eŋu. Le kpɔɖeŋu me, subɔsubɔhakplɔlawo gblɔ na amewo be “gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe fia” gbɔe Yesu xɔ ŋusẽ tsoe tsɔ le gbɔgbɔ vɔ̃wo nyam. (Marko 3:22) Esi wonɔ ʋɔnu drɔ̃m Yesu la, subɔsubɔhakplɔlawo tso enu be egblɔ busunya eye wode zi amehawo me be woagblɔ be woatso kufia nɛ. (Mat. 27:20) Emegbe esi Kristo yomedzelawo nɔ gbeƒã ɖem nya nyuia, tsitretsiɖeŋulawo “gblẽ to na dukɔwo me tɔwo, eye woƒoe ɖe ameawo nu” be woati Kristotɔwo yome. (Dɔw. 14:2, 19) Esi December 1, 1998, ƒe Gbetakpɔxɔ nɔ Dɔwɔwɔwo 14:2 me ɖem la, egblɔ be: “Esi gbedeasia gbegbe meɖi ƒo na Yudatɔ tsitretsiɖeŋulaawo o la, ameŋugbegblẽ ŋue wotrɔ ɖo azɔ nɔ agbagba dzem be yewoana Dukɔwo me tɔwo nabu nazã ɖe Kristotɔawo ŋu.” Egbea hã, Satana kpɔtɔ le “anyigbadzinɔlawo katã blem.” w24.04 11 ¶15-16
Braɖa, April 14
Ðe anyigba blibo la ƒe Ʋɔnudrɔ̃la la mawɔ nu dzɔdzɔe oa?—1 Mose 18:25.
Amewo ƒe agbekpɔkpɔ menɔ te ɖe ɣeyiɣi si me woku dzi o. Yehowa nye Ʋɔnudrɔ̃la dzɔdzɔe eye eƒe afiatsotsowo katã le eteƒe. (Ps. 33:4, 5) Eya ta míate ŋu aka ɖe edzi be “anyigba blibo la ƒe Ʋɔnudrɔ̃la la” awɔ nu dzɔdzɔe. Susu le eme be míagblɔ be menye xexea ƒe akpa si ame aɖe le dzie eƒe etsɔmemɔkpɔkpɔ nɔ te ɖo o. Yehowa madrɔ̃ ʋɔnu amewo be wonye “gbɔ̃wo” le esi xexea ƒe akpa si wole wɔe be mɔnukpɔkpɔ mesu wo si be woase nya nyuia o ta o. (Mat. 25:46) Ne míawo míetsi dzi ɖe ame siawo ŋu la, ke míate ŋu aka ɖe edzi be anyigba bliboa ƒe ʋɔnudrɔ̃la dzɔdzɔe la tsi dzi ɖe wo ŋu vevie wu. Míenya ale si tututu Yehowa ana nuwo nayi edzi le xaxa gãa me o. Ðewohĩ mɔnukpɔkpɔa asu ame siawo dometɔ aɖewo si be woasrɔ̃ nu tso Yehowa ŋu, woaxɔ edzi ase eye woava nɔ eƒe akpa dzi ne wokpɔ nu siwo wɔm Yehowa le be yeatsɔ akɔ yeƒe ŋkɔa ŋu le dukɔwo katã ŋkume.—Eze. 38:16. w24.05 12 ¶14-15
Kuɖa, April 15
[Milɔ̃] mia nɔewo.—Yoh. 15:12.
Edzɔa dzi na Yehowa ƒe amewo be yewoakpe ɖe yewo nɔewo ŋu. (2 Kor. 8:4) Gake ɣeaɖewoɣi la, esia wɔwɔ biaa dzinɔameƒo. Le kpɔɖeŋu me ne aʋa dzɔ la, hamemetsitsiawo kpɔnɛ be ele be yewoade dzi ƒo na nɔviawo ahakpe ɖe wo ŋu be woƒe asi nasu gbɔgbɔme kple ŋutilãme nuhiahiãwo dzi. Esi hamemetsitsiawo lɔ̃ nɔviawo ta la, wodea woawo ŋutɔ ƒe agbe afɔku me be yewoakpɔ nɔviawo ƒe nuhiahiãwo gbɔ na wo. Le nɔnɔme siawo tɔgbi me la, ele vevie ŋutɔ be míaɖo to ale be ɖekawɔwɔ nanɔ anyi. Wɔ ɖe mɔfiame siwo tso alɔdzedɔwɔƒea gbɔ la dzi. (Heb. 13:17) Ele be hamemetsitsiwo nanɔ ɖoɖo siwo li ku ɖe dzadzraɖo ɖe afɔku ŋu kple mɔfiame si habɔbɔa na ku ɖe nu siwo woawɔ ne afɔku dzɔ la me dzrom edziedzi. (1 Kor. 14:33, 40) Dzi nenɔ ƒowò, gake ɖɔ ŋu ɖo. (Lod. 22:3) Bu nuwo ŋu nyuie hafi nàɖe afɔ. Mègade ɖokuiwò afɔku me dzodzro o. Ðo ŋu ɖe Yehowa ŋu. Ðo ŋku edzi be Yehowa di vevie be wò kple nɔviwòwo siaa mianɔ dedie. w24.07 4 ¶8; 5 ¶11
Yawoɖa, April 16
Meyɔ Yehowa le nye xaxawo me, . . . eye nye ɣlidodo be wòaxɔ nam la ɖo eƒe to me.—Ps. 18:6.
Fia David nya Yehowa eye wòɖo ŋu ɖe eŋu. Esi Fia Saul kple futɔ bubuwo nɔ agbagba dzem be yewoawu David la, edo gbe ɖa na Yehowa be wòakpe ɖe ye ŋu. Mawu ɖo eƒe gbedodoɖaa ŋu eye wòxɔ nɛ, eya ta David gblɔ be: “Yehowa le agbe!” (Ps. 18:46) David ƒe nya siawo mefia be elɔ̃ ɖe edzi be Mawu li ko evɔ o. Numekugbalẽ aɖe gblɔ be David ƒe nya siawo fia be eka ɖe Yehowa dzi be “eyae nye Mawu gbagbe la si wɔa avu ɖe eƒe amewo nu ɣesiaɣi.” Nyateƒee, nu siwo me David ŋutɔ to na wòka ɖe edzi be yeƒe Mawu la le agbe, eye kakaɖedzi ma na wòɖoe kplikpaa be yeayi edzi asubɔ Yehowa ahakafui. (Ps. 18:28, 29, 49) Ne míeka ɖe edzi be Yehowa ye nye Mawu gbagbe laa, esia ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míatsɔ dzi blibo asubɔe. Dzi anɔ mía ƒo míado dzi le nɔnɔme sesẽwo me eye míayi edzi ado vevie nu le mawusubɔsubɔ me. Awɔe hã be míayi edzi aku ɖe Yehowa ŋu goŋgoŋ. w24.06 20-21 ¶3-4
Fiɖa, April 17
Migana ame aɖeke nakplɔ mi atrae o.—2 Tes. 2:3.
Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso nya si apostolo Paulo gblɔ na Tesalonikatɔwo me? Ne míese nya aɖe si mewɔ ɖeka kple nu siwo míesrɔ̃ tso Biblia me o, alo míese nyatakaka wɔmoya aɖe la, ele be míabu nuwo ŋu nyuie. Le tsã Soviet Union ƒe dziɖuɖua te la, míaƒe futɔwo ŋlɔ lɛta aɖe ɖo ɖe nɔviawo. Wona wòdze abe míaƒe habɔbɔa ƒe dɔwɔƒegã gbɔe wòtso ene. Lɛtaa me nyawo de dzi ƒo na nɔviawo be woaɖo habɔbɔ bubu aɖe si anɔ eɖokui si. Togbɔ be edze abe míaƒe habɔbɔa gbɔe lɛtaa tso ene hã la, meflu mía nɔvi wɔnuteƒewo o. Wode dzesii be lɛtaa me nyawo mewɔ ɖeka kple nu siwo yewosrɔ̃ o. Egbea, ame siwo tsi tre ɖe nyateƒea ŋu toa internet kple hahokadodowo dzi dzea agbagba be yewoatɔtɔ mí ahade mama mía dome. Mele be míaɖe mɔ ‘woatɔtɔ míaƒe susu o.’ Be míakpɔ mía ɖokui ta la, ele be míabu nuwo ŋu nyuie akpɔe ɖa be ɖe nu siwo míexlẽ alo nya siwo míese la wɔ ɖeka kple nu siwo míenya xoxo hã.—2 Tes. 2:2; 1 Yoh. 4:1. w24.07 12 ¶14-15
Memleɖa, April 18
Ne edzɔ be ame aɖe wɔ nu vɔ̃ la, kpeɖeŋutɔ le mía si.—1 Yoh. 2:1.
Nyametsotso vevitɔ si míawɔe nye be míatsɔ mía ɖokui aɖe adzɔgbe na Yehowa ava zu eƒe ƒomea me tɔwo. Yehowa di be ame sia ame nawɔe nenema. Nu ka tae? Edi be woazu ye xɔlɔ̃wo eye woanɔ agbe tegbee. (5 Mose 30:19, 20; Gal. 6:7, 8) Ke hã, Yehowa mezia ame aɖeke dzi be wòasubɔ ye o. Eɖea mɔ na ame sia ame be wòatia nu si wòawɔ. Ke ne Kristotɔ xɔnyɔnyrɔ aɖe wɔ nu vɔ̃ si nye ŋkubiãnya ɖe? Ne metrɔ dzi me o la, ele be woaɖee le hamea me. (1 Kor. 5:13) Gake ne edzɔ alea hã la, Yehowa kpɔa mɔ vevie be amea natrɔ dzi me eye wòatrɔ agbɔ. Le nyateƒe me la, susu vevi aɖe si ta Yehowa na tafea ɖoe nye be wòanɔ te ɖe edzi atsɔ ake nu vɔ̃ wɔla siwo trɔ dzi me. Ɛ̃, mía Mawu lɔ̃ame la le dzi dem ƒo na ame siwo wɔ nu vɔ̃ be woatrɔ dzi me.—Zak. 1:3; Rom. 2:4; Yak. 4:8. w24.08 14 ¶1-2
Kwasiɖa, April 19
Ne wò dzi dze nunya la, ekema nye hã nye dzi akpɔ dzidzɔ.—Lod. 23:15.
Hafi apostolo Yohanes naŋlɔ eƒe lɛta etɔ̃lia la, ame aɖewo nɔ alakpanufiafiawo kakam eye wonɔ mama dem hamea me hã. Gake ame aɖewo ya yi edzi nɔ “zɔzɔm le nyateƒe la me.” Woɖo to Yehowa eye ‘wozɔ le eƒe sededewo nu.’ (2 Yoh. 4, 6) Kristotɔ wɔnuteƒe mawo ƒe nuwɔnawo na Yohanes kple Yehowa siaa kpɔ dzidzɔ ŋutɔ. (Lod. 27:11) Nu kae míesrɔ̃ tso eme? Nuteƒewɔwɔ nana míekpɔa dzidzɔ. (1 Yoh. 5:3) Le kpɔɖeŋu me, dzi dzɔa mí elabe míenyae be Yehowa kpɔa dzidzɔ ɖe mía ŋu. Ekpɔa dzidzɔ elabe ekpɔnɛ be míedzea agbagba be míatsri nu si menyo o eye míeɖoa to ye. Mawudɔlawo hã kpɔa dzidzɔ ɖe mía ŋu. (Luka 15:10) Míawo hã míekpɔa dzidzɔ ne míekpɔ ale si mía nɔviwo yi edzi le nuteƒe wɔm. (2 Tes. 1:4) Eye ne wova tsrɔ̃ Satana ƒe xexe vɔ̃ɖi sia mlɔeba la, dzi adzɔ mí ŋutɔ be míeyi edzi wɔ nuteƒe na Yehowa. w24.11 12 ¶17-18
Dzoɖa, April 20
Ame aɖeke meganɔ eya ŋutɔ ƒe nyonyo ko dim o, ke nedi ame bubu tɔ hã.—1 Kor. 10:24.
Ne èdi be yeaɖe srɔ̃ la, ɣeyiɣi didi kae nàtsɔ alé ŋku ɖe amea ŋu hafi ado lɔlɔ̃nya aɖe ɖe egbɔ? Ne èdo nyaa ɖe egbɔ kaba akpa la, ate ŋu awɔ nɛ be ètsia dzi akpa. (Lod. 29:20) Gake ne èhe ɖe megbe fũu akpa hã la, ate ŋu asusu be mètea ŋu tsoa nya me o, vevietɔ ne ede dzesii be èle ŋku lém ɖe ye ŋu. (Nyagb. 11:4) Ðo ŋku edzi be màte ŋu anya nu sia nu tso amea ŋu hafi ate ɖe eŋu agblɔ nya aɖe nɛ o. Gake ele be wò ŋutɔ hã nàkpɔ egbɔ be yesu te na srɔ̃ɖeɖe eye ame ma hã asɔ na wò. Nu kae wòle be nàwɔ ne èva de dzesii be wò nu le dzi lém na ame aɖe? Ne amea ƒe nu melé dzi na wò o la, na wòadze ƒãa le wò nuwɔnawo me. Mègawɔ nu siwo ana amea nasusui be nuwo le edzi dze ge evɔ ènya nyuie be mele edzi dze ge hafi o. Esia manye lɔlɔ̃ɖeɖefia o.—Ef. 4:25. w24.05 22-23 ¶9-10
Braɖa, April 21
Magava, eye maxɔ mi ɖe nye ŋutɔ gbɔnye.—Yoh. 14:3.
Ame siwo nye amesiaminawo vavã eye wowɔ nuteƒe la koe woakplɔ adzoe be woanɔ Yesu ŋu le Dziƒofiaɖuƒea me. Womatsɔ amesiamina si meyi edzi nɔ ŋudzɔ le gbɔgbɔ me o la akpe ɖe “ame tiatiawo” ŋu o. (Mat. 24:31) Ele be Mawu ƒe amewo katã, mɔkpɔkpɔ ka kee ɖale wo si o, nawɔ ɖe Yesu ƒe nuxlɔ̃amewo dzi, woayi edzi anɔ ŋudzɔ eye woawɔ nuteƒe. Míeva nya Yehowa nyuie eye míeka ɖe edzi be eƒe nyametsotsowo le eteƒe. Eya ta míetsia dzi ne Yehowa tiae be yeasi ami na nuteƒewɔla aɖewo le míaƒe ŋkekeawo me o. Míeɖoa ŋku nya siwo Yesu gblɔ le waingble me dɔwɔlawo ƒe lododoa me dzi. Woƒe aƒetɔa kpe ame aɖewo le gaƒoƒo 11 lia dzi be woava wɔ dɔ. (Mat. 20:1-16) Ame siwo wòkpe le gaƒoƒo mamlɛtɔ ma dzi la xɔ fetu ɖeka ma ke abe ame siwo dze dɔa gɔme xoxoxo ene. Nenema kee ɣeyiɣi ka kee woɖasi ami na ame aɖe o, axɔ dziƒofetu ma ke ne eyi edzi wɔ nuteƒe. w24.09 24 ¶15-17
Kuɖa, April 22
Kristo ŋutɔ gɔ̃ hã kpe fu le mia ta, eye wògblẽ kpɔɖeŋu ɖi na mi, be miadze yeƒe afɔɖoƒewo yome pɛpɛpɛ.—1 Pet. 2:21.
Ale si Yesu wɔ nui esi wowɔ nu madzɔmadzɔ ɖe eŋu la nye kpɔɖeŋu nyui aɖe na mí. Bu nu manyomanyo siwo eƒe ƒometɔwo kple ame bubuwo wɔ ɖe eŋu la ŋu kpɔ. Eƒe ƒometɔwo nɔ gbɔgblɔm be eƒe tagbɔ le gbegblẽm, subɔsubɔhakplɔlawo tso enu be gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe ŋusẽ zãmee wònɔ, eye Roma srafowo ɖe alɔme le eŋu, woƒoe vevie hewui mlɔeba. (Marko 3:21, 22; 14:55; 15:16-20, 35-37) Gake Yesu do dzi le nu madzɔmadzɔ mawo katã me eye mewɔ wɔɖenui o. Nu kae míesrɔ̃ tso eƒe kpɔɖeŋua me? (1 Pet. 2:21-23) Ale si Yesu wɔ nui esi wowɔ nu tovowo ɖe eŋu la nye kpɔɖeŋu deblibo na mí. Enya ɣeyiɣi si wòaƒo nu kple ɣeyiɣi si wòazi ɖoɖoe. (Mat. 26:62-64) Wogblɔ alakpanya geɖe ɖe eŋu gake ɖeko wòzi kpi. (Mat. 11:19) Esi wòva ƒo nu gɔ̃ hã la, medzu eyometilawo alo do ŋɔdzi na wo o. w24.11 4-5 ¶9-10
Yawoɖa, April 23
Kristo Yesu va xexea me be yeaɖe nu vɔ̃ wɔlawo.—1 Tim. 1:15.
Tsɔe be èna nu nyui aɖe ame aɖe si nèlɔ̃ vevie. Nunanaa nya kpɔ eye ezãza aɖe vi nɛ. Ate ɖe dziwò ŋutɔ ne amea tsɔ nunana ma da ɖe afi aɖe eye meganyea kɔ kpɔnɛ gɔ̃ hã o! Gake ne amea wɔ nu si nètsɔ nɛ la ŋu dɔ nyuie eye wòda akpe ɖe eta la, dzi adzɔ wò ŋutɔ. Nu nyui aɖee Yehowa na mí esi wòna Via va ku ɖe mía ta. Dzi adzɔ Yehowa ŋutɔ ne míede asixɔxɔ eƒe nunana gã xɔasi si nye tafevɔsaa kpakple lɔlɔ̃ deto si wòɖe fia mí la ŋu! (Yoh. 3:16; Rom. 5:7, 8) Gake ne ɣeyiɣiawo va le yiyim la, ate ŋu adzɔ be míagava nɔ asixɔxɔ dem nunana xɔasi si nye tafea ŋu o. Anɔ ko abe míetsɔ Mawu ƒe nunana xɔasi ma da ɖe afi aɖe ko eye míeganyea kɔ kpɔnɛ o ene. Be esia nagadzɔ ɖe mía dzi o la, ele be míayi edzi anɔ ŋugble dem le nu si Mawu kple Kristo wɔ na mí ŋu eye míakpɔ ŋudzedze ɖe eŋu. w25.01 26 ¶1-2
Fiɖa, April 24
De ŋugble le nu siawo ŋu; lé fɔ ɖe wo ŋu, ale be wò ŋgɔgbedede nadze ƒãa na amewo katã.—1 Tim. 4:15.
Nɔviŋutsu si dze anye hamemetsitsi manye ame si ƒe dzimetɔtrɔ teƒe medidi o. Esia mefia be ame naxɔ nyɔnyrɔ ƒe gbogbo aɖe hafi adze o. Gake hafi ame nayi ŋgɔ azu Kristotɔ si tsi le gbɔgbɔ me la, ebia ɣeyiɣi. Hafi nàdze azu hamemetsitsi la, ele be wòadze ƒãa le ŋuwò be èbɔbɔa ɖokuiwò, abe ale si Yesu wɔe ene. Azɔ hã ele be nàlɔ̃ faa akpɔ Yehowa sinu be le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi la, woade dɔ aɖewo asiwò le hamea me. (Mat. 20:23; Flp. 2:5-8) Ne èkuna ɖe Yehowa ŋu eye nèléa eƒe dzidzenu dzɔdzɔeawo me ɖe asi hewɔna ɖe eƒe habɔbɔa ƒe mɔfiamewo dzi la, esia aɖee afia be ènye nuteƒewɔla. Ŋɔŋlɔawo na eme kɔ ƒãa be ele be hamemetsitsi nanye ame si nya nufiafia. Ðe esia fia be ele be wòanye nuƒola bibi kokokoa? Ao. Togbɔ be nɔviŋutsu geɖe siwo dze nye hamemetsitsiwo menye nufiala bibiwo o hã la, wofiaa nu nyuie le gbea dzi kple ne wole nɔviwo srãm kpɔ. w24.11 23-24 ¶14-15
Memleɖa, April 25
Melɔ̃ wò sededewo wu sika, wu sika nyuitɔ gɔ̃ hã.—Ps. 119:127.
Ne èxlẽ nane le Biblia me si gɔme mèse o la, ku nu me tso eŋu. Nɔ ŋugble dem le nufiame siwo ŋu nèke ɖo la ŋu le ŋkeke bliboa me. Eye nàbu nu siwo wofia wò tso Yehowa kple Via kpakple ale si wolɔ̃ míi hã ŋu. (Ps. 119:97, etenuŋɔŋlɔ) Ne mèke ɖe nu yeye aɖeke ŋu le wò nusɔsrɔ̃ alo numekukua me o la, dzi megaɖe le ƒowò o. Le mɔ aɖe nu la, wò nɔnɔmea va le abe sikakula tɔ ene. Sikakulawo gbɔa dzi ɖi zãa ɣeyiɣi geɖe alo ŋkeke geɖe hafi kena ɖe sika suetɔ kekeake gɔ̃ hã ŋu. Ke hã womenaa ta o, elabe wodea asixɔxɔ sikakɔ sue ɖe sia ɖe ŋu. Ðe nu siwo ŋu míekena ɖo le Ŋɔŋlɔawo me la mexɔ asi sãsãsã wu sika oa? (Lod. 8:10) Eya ta gbɔ dzi ɖi eye nàlé fɔ ɖe Biblia sɔsrɔ̃ ŋu.—Ps. 1:2. w25.01 24-25 ¶14-15
Kwasiɖa, April 26
Ale si ko Yehowa tsɔ ke mi faa la, miawo hã miwɔ nenema ke.—Kol. 3:13.
Yehowa le mɔ kpɔm be míalɔ̃ faa atsɔ ake ame siwo wɔ nu wòve mí vevie. (Ps. 86:5; Luka 17:4; Ef. 4:32) Amewo ƒe nuwɔnawo alo nyagbɔgblɔwo ate ŋu ate ɖe mía dzi, vevietɔ ne mía xɔlɔ̃ alo ƒometɔ kplikplikpli wonye. (Ps. 55:12-14) Míate ŋu atsɔ veve siwo míesena le ememe la asɔ kple yitɔame. (Lod. 12:18) Ðewohĩ míadze agbagba be míaɖe susu ɖa le vevesesea dzi. Gake ewɔwɔ nenema anɔ ko abe yi si wotɔ mí la tsi lãme na mí eye míegbe eɖeɖe ene. Ne míewɔ naneke tso eŋu o la, vevesesea hã akpɔtɔ anɔ anyi. Ne ame aɖe dze agɔ le mía dzi la, esia tea ŋu wɔnɛ be míedoa dziku. Biblia gblɔ be esia ate ŋu adzɔ. Gake exlɔ̃ nu mí hã be míagana dzikua naɖu mía dzi o. (Ps. 4:4; Ef. 4:26) Nu ka tae? Elabena zi geɖe la, dziku menana wowɔa nu dzɔdzɔe o. (Yak. 1:20) Ðo ŋku edzi be amewo ƒe nuwɔna ate ŋu aho dzi na mí, gake mía ŋutɔwoe atiae be míalé dzikua ɖi. w25.02 15 ¶4-6
Dzoɖa, April 27
Nunya kpɔa ame si si wòle la ƒe agbe ta.—Nyagb. 7:12.
Yesu wɔ kpɔɖeŋu aɖe tsɔ ɖe nu si tae nunya mele eme be ame naƒo kesinɔnuwo nu ƒu evɔ manye “kesinɔtɔ le Mawu gbɔ o” la fia. (Luka 12:16-21) Susu ɖekae nye be ame aɖeke menya nu si adzɔ le etsɔme o. (Lod. 23:4, 5; Yak. 4:13-15) Azɔ hã mí Kristotɔwo míedoa go kuxi bubu aɖewo. Yesu gblɔ be ele be ame siwo katã di be yewoanye yeƒe nusrɔ̃lawo la nanɔ klalo be ‘yewoagbe nu le nu siwo katã le yewo si la gbɔ.’ (Luka 14:33) Nu siae Kristotɔ siwo nɔ Yudea lɔ̃ faa wɔ. (Heb. 10:34) Egbea, dɔ ge le nɔvi aɖewo si eye ɖewo hã bú woƒe nunɔamesiwo le esi wogbe be yewomade dunyaheha aɖeke dzi o ta. (Nyaɖ. 13:16, 17) Nu kae kpe ɖe wo ŋu? Woka ɖe ŋugbe si Yehowa do be, “Nyemaɖe asi le ŋuwò akpɔ o, eye nyemagblẽ wò ɖi hã akpɔ o,” dzi bliboe. (Heb. 13:5) Eya ta míawɔ mía tɔ sinua adzra ɖo ɖe míaƒe tsitsime ŋu, eye míaka ɖe edzi be ne nu si míele mɔ kpɔm na o dzɔ ɖe mía dzi gɔ̃ hã la, Yehowa alé be na mí. w25.03 29 ¶13-14
Braɖa, April 28
Esi míegblẽ Kristo la ŋuti gɔmedzenufiafiawo ɖi la, mina míayi ŋgɔ aɖo tsitsinyenye gbɔ, eye míaganɔ gɔmeɖoanyi ɖom ake o.—Heb. 6:1.
Yehowa nya be míehiã kpekpeɖeŋu be míate ŋu aɖo tsitsinyenye gbɔ. Eya ta ena alẽkplɔlawo kple nufialawo mí le Kristo hamea me be woakpe ɖe mía ŋu mía kple Yehowa dome nanɔ kplikplikpli ale be míate ŋu aɖo “tsitsime blibo si gbɔ Kristo ɖo la gbɔ.” (Ef. 4:11-13) Yehowa na eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea hã mí be wòakpe ɖe mía ŋu be “Kristo ƒe tamesusu” nasu mía si. (1 Kor. 2:14-16) Azɔ hã, Mawu na woŋlɔ Nyanyuigbalẽ eneawo be woana míakpɔ ale si Yesu ƒo nu, ale si wòbu nuwo ŋu kple ale si wòwɔ nui le eƒe anyigba dzi subɔsubɔdɔa me. Ne èsrɔ̃ Yesu la, ke àte ŋu aɖo Kristotɔwo ƒe tsitsinyenye gbɔ. Gake hafi Kristotɔ nate ŋu atsi le gbɔgbɔ me la, ele be wòanya nu geɖe wu “Kristo la ŋuti gɔmedzenufiafiawo” ko. w24.04 4-5 ¶11-12
Kuɖa, April 29
Ekema tamebubuŋutete adzɔ ŋuwò, eye nugɔmesese akpɔ tawò.—Lod. 2:11.
Míetsoa nya me gbe sia gbe. Nyametsotso aɖewo le bɔbɔe. Le kpɔɖeŋu me, nu si míaɖu kple ɣeyiɣi si me míamlɔ anyi. Gake esesẽna na mí be míatso nya me le nu bubu aɖewo ya ŋu. Míaƒe nyametsotsowo ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe mía ŋutɔwo kple míaƒe ƒometɔwo ƒe lãmesẽ, dzidzɔkpɔkpɔ alo mía kple Yehowa dome ƒomedodoa dzi. Míadi be míaƒe nyametsotsowo naɖe vi na mía kple míaƒe ƒometɔwo. Vevietɔ wu la, míadi be míaƒe nyametsotsowo nadze Yehowa ŋu. (Rom. 12:1, 2) Nu vevi aɖe si akpe ɖe ŋuwò nàtso nya me nyuie ye nye be nànya nya veviawo. Nu ka tae? Tsɔe be ame aɖe dze dɔ vevie eye wòyi kɔdzi. Ðe ɖɔkta atso ko aŋlɔ atike nɛ ne medoe kpɔ alo bia nyawoe oa? Ao, ɖɔkta nyui aɖeke mawɔ ema o. Nenema kee ne wò hã ède ŋugble le nya siwo katã ku ɖe wò nɔnɔmea ŋu la, àtso nya me nyuie. w25.01 14 ¶1-3
Yawoɖa, April 30
Yehowa . . . tsɔ wò nu vɔ̃ la ke wò. Mèle kuku ge o.—2 Sam. 12:13.
Nu kae míenya tso Yehowa ƒe nublanuikpɔkpɔ ŋu? Aleke wòɖee fia be yemedi be “ame aɖeke natsrɔ̃ o”? (2 Pet. 3:9) Bu ale si wòkpɔ nublanui na ame aɖewo siwo wɔ nu vɔ̃ gãwo la ŋu kpɔ. Fia David wɔ nu vɔ̃ gãwo; ewɔ ahasi eye wòwu ame hã. Gake David trɔ dzi me, eya ta Yehowa kpɔ nublanui nɛ eye wòtsɔe kee. (2 Sam. 12:1-12) Fia Manase wɔ nu vɔ̃ dziŋɔwo le eƒe agbenɔnɔ ƒe akpa gãtɔ. Gake esi wòtrɔ dzi mea, Yehowa kpɔ nu siwo dzi wòanɔ te ɖo akpɔ nublanui nɛ eye wòatsɔ akee. (2 Kron. 33:9-16) Kpɔɖeŋu siawo ɖoa ŋku edzi na mí be Yehowa kpɔa nublanui ne ekpɔ nane si dzi wòate ŋu anɔ te ɖo atsɔ ake. Yehowa afɔ wo ɖe tsitre elabe wolɔ̃ ɖe edzi be yewowɔ nu vɔ̃ eye wotrɔ dzi me. w24.05 4 ¶12