Fiɖa, October 16
Mègana wò dzi natrɔ ɖe eƒe mɔwo ŋu o. Mègatra yi eƒe toƒewo o.—Lod. 7:25.
Salomo ƒe ŋutinyaa na míekpɔ nu si ate ŋu adzɔ ɖe Yehowa subɔla ɖe sia ɖe dzi bɔbɔe. Ne mele ŋudzɔ o la, ate ŋu adze nu vɔ̃ gã me eye emegbe wòasusu be ɖeko wòdzɔ le vo me. Ðewohĩ agblɔ be, “Ðe wòɖi ɖem; nyemenya ale si wòdzɔe o.” Gake ne ebu nu si dzɔ ŋu nyuie la, anɔ eme be ade dzesii be yeɖe afɔ gbegblẽ aɖewo siwo kplɔ ye de nu vɔ̃ ma me. Ate ŋu anye be enɔ ha vɔ̃wo dem, etsɔa nu gbegblẽwo ɖea modzakae, eyia teƒe siwo mesɔ o alo eʋua internet dzi nyatakakadzraɖoƒe gbegblẽwo. Ðewohĩ megadoa gbe ɖa, xlẽa Biblia, dea kpekpeawo alo gbeadzi o. Abe ɖekakpui si le Lododowo ƒe agbalẽa me ene la, afɔ siwo eya ŋutɔ ɖe ye kplɔe de nu vɔ̃ me, ke menye ɖe wòɖi ɖee o. Nufiame kae le esia me na mí? Ele be míanɔ ŋudzɔ, menye ɖe nu vɔ̃ ko ŋu o, ke ɖe afɔɖeɖe siwo ate ŋu akplɔ mí ade nu vɔ̃ me hã ŋu. Esia dzie Salomo he susu yi esi wòƒo nu tso ɖekakpuia kple nyɔnu ahasitɔa ŋu vɔ megbe.—Mat. 5:29, 30. w24.07 16 ¶10-11
Memleɖa, October 17
Nu xɔasi sia le mía si le anyigoewo me.—2 Kor. 4:7.
Nu kae nye nu xɔasi ma? Eyae nye Fiaɖuƒe nya nyuia, si xɔa amewo ɖe agbe. (2 Kor. 4:1) Ke nu kae anyigoeawo le tsitre ɖi na? Wole tsitre ɖi na mawusubɔla siwo tsɔa nya nyuia yina na amewo. Le Paulo ƒe ɣeyiɣiawo mea, asitsalawo tsɔa nuɖuɖu, wain, ga kple nu xɔasi bubuwo dea anyigoewo me. Nenema kee Yehowa tsɔ nu xɔasi si nye nya nyuia de mía si. Yehowa ado ŋusẽ mí míayi edzi agblɔe. Ɣeaɖewoɣia, ate ŋu adzɔ be míavɔ̃ be amewo mawɔ nu ɖe mía ŋu nyuie o alo be woatsi tsitre ɖe mía ŋu. Ne edzɔ alea, nu kae akpe ɖe mía ŋu? De ŋugble le gbe si apostoloawo do ɖa esi wode se na wo be woagaɖe gbeƒã oa ŋu. Womeɖe mɔ vɔvɔ̃ ɖu wo dzi o. Ke boŋ wodo gbe ɖa na Yehowa be wòakpe ɖe yewo ŋu yewoayi edzi agblɔ eƒe nyaa kple dzideƒo. Eye Yehowa ɖo woƒe gbedodoɖaa ŋu enumake. (Dɔw. 4:18, 29, 31) Ne esesẽna na wò be nàɖe gbeƒã le vɔvɔ̃ taa, do gbe ɖa na Yehowa be wòana wò lɔlɔ̃ na amewo nasẽ ɖe edzi, ale be nàte ŋu aɖu amegbetɔvɔvɔ̃ dzi. w24.04 16 ¶8-9
Kwasiɖa, October 18
Mía Fofo si le dziƒowo, wò ŋkɔ ŋuti nakɔ.—Mat. 6:9.
Ale si míelɔ̃ Yehowa ʋãa mí be míakɔ eƒe ŋkɔa ŋu. Míedi be míana amewo nanya be nya vɔ̃ siwo katã wose tso Yehowa ŋu nye alakpa siwo tso Satana gbɔ. (1 Mose 3:1-5; Hiob 2:4; Yoh. 8:44) Le míaƒe subɔsubɔdɔa mea, míedina vevie be míana amewo nanya ame si tututu Yehowa nye. Míedi be amewo katã nanyae be eƒe nɔnɔme vevitɔe nye lɔlɔ̃ eye mɔ si dzi wòtona ɖua dzi ye nye nyuitɔ kple dzɔdzɔetɔ. Eteƒe madidi o, eƒe Fiaɖuƒea ava ɖe fukpekpewo ɖa eye wòana ŋutifafa naxɔ aƒe ɖi eye amegbetɔwo nakpɔ dzidzɔ. (Ps. 37:10, 11, 29; 1 Yoh. 4:8) Ne míena amewo nya nu siawo tso Yehowa ŋua, ke míele eƒe ŋkɔa ŋu kɔm. Esia nana dzi dzɔa mí ale gbegbe, elabe míewɔ nu si wòle be míawɔ; eƒe Ðasefowoe míenye. w24.05 18 ¶12