March
Kwasiɖa, March 1
Ame si ku la, wotso afia nɛ ɖee tso eƒe nu vɔ̃ me.—Rom. 6:7.
Le Biblia mea, ame dzɔdzɔe aɖewo va zu ame madzɔmadzɔwo. Wo dometɔ ɖekae nye Fia Salomo. Enya Yehowa kple ale si wòle be wòasubɔe eye Yehowa yrae geɖe; gake emegbea, Salomo va subɔ alakpamawuwo. Eƒe nu vɔ̃wo na Yehowa do dziku ɖe eŋu eye dukɔa kpe fu ƒe alafa geɖe. Nyateƒee, Ŋɔŋlɔawo gblɔ be “wotsɔ Salomo mlɔ tɔgbuiawo gbɔ,” afi si woɖi Fia David kple ame dzɔdzɔe bubuwo hã ɖo. (1 Fia. 11:5-9, 43; 2 Fia. 23:13) Gake ɖe afi si woɖii ɖo la nye kpeɖodzi be woafɔe ɖe tsitrea? Biblia megblɔe o. Nunanae tsitretsitsia nye tso mía Mawu lɔ̃amea gbɔ. Ame siwo wòdi be yeana mɔnukpɔkpɔa ale be woate ŋu anɔ agbe asubɔ ye tegbee lae wòafɔ ɖe tsitre. (Hiob 14:13, 14; Yoh. 6:44) Ðe tsitretsitsi ƒe nunana sia asu Salomo sia? Míenya o; Yehowa koe nya. Nu si míenyae nye be, Yehowa awɔ nu si le eteƒe. w24.05 4 ¶9
Dzoɖa, March 2
Manɔ wò agbadɔ me ɖaa.—Ps. 61:4.
Ne míetsɔ mía ɖokui ɖe adzɔgbe na Yehowa la, ke míeva zu amedzrowo le eƒe agbadɔ me le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu. Nu sia nu si míehiã be mía kple Yehowa dome nanɔ kplikplikpli la va sua mía si. Eye ame bubu siwo hã dze Yehowa ƒe agbadɔ me la va zua mía xɔlɔ̃wo. Menye teƒe ɖeka aɖe koŋue Yehowa ƒe kpɔɖeŋugbadɔ sia le o. Esia na míekpɔe be Yehowa ƒe agbadɔa le afi sia afi si esubɔla wɔnuteƒewo le. (Nyaɖ. 21:3) Ke Yehowa subɔla wɔnuteƒe siwo ku ya ɖe? Ðe míate ŋu aƒo nya ta be wokpɔtɔ le Yehowa ƒe agbadɔa mea? Ɛ̃, míate ŋu agblɔe nenema. Nu si tae nye be Yehowa gakpɔtɔ ɖoa ŋku wo dzi elabe wole agbe nɛ. Yesu ɖe eme be: “Mose hã gblɔe le ŋuve ŋuti nuŋlɔɖia me be woafɔ ame kukuwo, esi wòyɔ Yehowa be ‘Abraham ƒe Mawu kple Isak ƒe Mawu kpakple Yakob ƒe Mawu.’ Menye ame kukuwo ƒe Mawue wònye o, ke boŋ agbagbeawo tɔe, elabena wo katã wole agbe nɛ.”—Luka 20:37, 38. w24.06 3-4 ¶6-7
Braɖa, March 3
Yehowae nye nye ŋusẽ kple nye akpoxɔnu.—Ps. 28:7.
Zadok bla aʋakpa hafi yi Hebron. (1 Kron. 12:38) Enɔ klalo be yeadze David yome ayi aʋa eye yeaʋli Israel ta tso futɔwo si me. Anɔ eme be Zadok mebi ɖe aʋawɔwɔ me ya o, gake dzi nɔ eƒo ŋutɔ. Nunɔlae Zadok nye. Ke afi kae wòsrɔ̃ dzinɔameƒo tsoe? Enɔ ŋutsu kalẽtɔ siwo ƒo dzi nɔ la dome. Eya ta ɖikeke mele eme o be esrɔ̃ woƒe kpɔɖeŋu. Le kpɔɖeŋu me, ale si dzi nɔa David ƒo ‘wònɔa ŋgɔ na Israel le eƒe aʋahohowo me’ la ʋã dukɔa katã be woada megbe nɛ bliboe. (1 Kron. 11:1, 2) David ɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu ɣesiaɣi be wòakpe ɖe ye ŋu yeaɖu futɔwo dzi. (Ps. 138:3) Zadok srɔ̃ ŋutsu kalẽtɔ bubuwo hã ƒe kpɔɖeŋu. Wo dometɔ aɖewoe nye Yehoyada kple via Benaya kpakple tatɔ 22 siwo va de David dzi.—1 Kron. 11:22-25; 12:26-28. w24.07 3 ¶5-6
Kuɖa, March 4
Mawu le didim be yeakplɔ wò ayi dzimetɔtrɔ gbɔ.—Rom. 2:4.
Saul si tso Tarso wɔ nu gbegblẽ geɖe eye wòhiã be wòatrɔ dzi me be woatsɔe akee. Eti Kristotɔwo yome kutɔkutɔe. Ðewohĩ awɔ na Kristotɔ akpa gãtɔ be ŋutsu ma ya mate ŋu atrɔ dzi me akpɔ o. Gake Yesu si wofɔ ɖe tsitre nya be Saul ate ŋu atrɔ. Eya kple Fofoa kpɔ nɔnɔme nyui aɖewo le Saul me. Yesu gblɔ be: “Ŋutsu sia nye dɔwɔnu tiatia aɖe nam.” (Dɔw. 9:15) Yesu wɔ nukunu aɖe gɔ̃ hã tsɔ kpe ɖe Saul ŋu be wòatrɔ dzi me. (Dɔw. 7:58–8:3; 9:1-9, 17-20) Esi Saul, si wova yɔ be apostolo Paulo, trɔ dzi me zu Kristotɔ la, egblɔ zi gbɔ zi geɖe be yekpɔ ŋudzedze ɖe ale si wokpɔ nublanui na ye henyo dɔme na ye la ŋu. (1 Tim. 1:12-15) Le ɣeyiɣi aɖe megbe esi Paulo se be woɖe mɔ na ŋutsu aɖe si nɔa gbɔdɔdɔ ƒe agbe gbegblẽ la wòkpɔtɔ nɔ Korinto hamea me la, nu kae wòwɔ tso eŋu? Nu si Paulo wɔ la na míesrɔ̃ nu vevi aɖe tso ale si Yehowa hea to na ame lɔlɔ̃tɔe kple ale si wòle vevie be míasrɔ̃ Yehowa akpɔ nublanui na amewoe ŋu. w24.08 13 ¶15-16
Yawoɖa, March 5
Esia tae woɖe Mawu ƒe Vi la ɖe go ɖo, be wòagblẽ Abosam ƒe dɔwɔwɔwo me.—1 Yoh. 3:8.
Esi ƒeawo va nɔ yiyim la, Yehowa na ale si amegbetɔ nuvɔ̃mewo awɔ ate ɖe ye ŋu la me va nɔ kɔkɔm ɖe edzi vivivi. Abel, si nye Adam kple Xawa ƒe vi eveliae nye ame gbãtɔ si xɔ Yehowa dzi se tso esime edzilawo dze aglã ɖe Yehowa ŋu le Eden-bɔa me. Esi Abel lɔ̃ Yehowa eye wòdi be yeƒe nu nadze eŋu ne ye kplii dome nanɔ kplikplikpli ta la, eɖoe be yeasa vɔ na Yehowa. Alẽkplɔlae Abel nye, eya ta etsɔ eƒe alẽawo ƒe ɖe sa vɔ na Yehowa. Nu kae do tso eme? “Abel kple eƒe vɔsa la dze Yehowa ŋu.” (1 Mose 4:4) Yehowa kpɔ ŋudzedze ɖe Noa kple ame bubu siwo lɔ̃e eye woka ɖe eyama dzia ƒe vɔsawo hã ŋu. (1 Mose 8:20, 21) Esi Yehowa xɔ woƒe vɔsa mawo la, efia be amegbetɔ nuvɔ̃mewo ƒe nu ate ŋu adze eŋu eye woate ŋu ate ɖe eŋu. w24.08 3 ¶5-6
Fiɖa, March 6
Nye afɔ da kloe, nye afɔ ɖiɖi kloe.—Ps. 73:2.
Ne wowɔ nu madzɔmadzɔ ɖe mía ŋu la, ate ŋu ate ɖe mía dzi vevie. (Nyagb. 7:7) Nu madzɔmadzɔ wɔwɔ te ɖe Yehowa subɔla wɔnuteƒewo abe Hiob kple Habakuk ene hã dzi. (Hiob 6:2, 3; Hab. 1:1-3) Togbɔ be ele dzɔdzɔme nu be míase le mía ɖokui me nenema hã la, ele be míaɖu mía ɖokui dzi ahakpɔ nyuie be míagawɔ nu si mesɔ o ale be nyaa nagagblẽ ɖe edzi kura o. Ne ewɔ na mí be womehea to na nu vɔ̃ wɔlawo o la, míate ŋu ava susui be viɖe aɖeke mele nu dzɔdzɔe wɔwɔ me o. Psalmo ŋlɔla aɖe de dzesii be nu nɔa edzi dzem na ame vɔ̃ɖi siwo tea ame dzɔdzɔewo ɖe to. Eya ta egblɔ be: “Aleae ame vɔ̃ɖiwo le, wole dziɖeɖi me ɣesiaɣi.” (Ps. 73:12) Nu madzɔmadzɔ siwo teƒe wòkpɔ la te ɖe edzi ale gbegbe be ese le eɖokui me be viɖe mele Yehowa subɔsubɔ ŋu o, eye wògblɔ be: “Esi mebu tame be mase esia gɔme la, eɖe fu nam vevie.”—Ps. 73:14, 16. w24.11 3 ¶5-7
Memleɖa, March 7
Mi dukɔwo ƒe ƒomeawo, mitsɔ nu si Yehowa dze na la nɛ, mitsɔ nu si Yehowa dze na la nɛ le eƒe ŋutikɔkɔe kple ŋusẽ la ta.—Ps. 96:7.
Míetsɔa ŋutikɔkɔe naa Yehowa elabe míedea bubu gã eŋu. Susu geɖe li siwo ta wòle be míade bubu Yehowa ŋu. Eyae nye Ŋusẽkatãtɔ la eye seɖoƒe meli na eƒe ŋusẽ o. (Ps. 96:4-7) Eƒe nuwɔwɔwo na míekpɔe be eƒe nunya ƒo ɖe sia ɖe ta. Eyae na agbe mí eye eyae léa míaƒe agbe ɖe te. (Nyaɖ. 4:11) Nuteƒewɔlae wònye. (Nyaɖ. 15:4) Nu sia nu si wòwɔna dzea edzi eye wòwɔa eƒe ŋugbedodowo katã dzi pɛpɛpɛ. (Yos. 23:14) Eya ta esɔ ŋutɔ be nyagblɔɖila Yeremiya gblɔ be: “Le dukɔwo ƒe nunyalawo katã kple woƒe fiaɖuƒewo katã dome la ame aɖeke meli de nuwò o”! (Yer. 10:6, 7) Vavãe, susu geɖe li siwo tae wòle be míade bubu mía Fofo si le dziƒo la ŋu. Gake menye bubu koe Yehowa dze na o, eƒe nɔnɔme lédzinamewo nana míelɔ̃nɛ vevie hã. Vevietɔ wu la, míetsɔa ŋutikɔkɔe naa Yehowa elabe míelɔ̃e vevie. w25.01 3 ¶5-6
Kwasiɖa, March 8
Miɖe ame vɔ̃ɖi la ɖa le miawo ŋutɔwo mia dome.—1 Kor. 5:13.
Mawu ƒe futɔwo dzea agbagba be yewoagblẽ ŋkɔ nyui si le Mawu ƒe habɔbɔa ŋu la me. Le kpɔɖeŋu me, míesrɔ̃e le Ŋɔŋlɔawo me be Yehowa di be ye subɔlawo nanɔ dzadzɛ le ŋutilã me, le agbenɔnɔ me, kple ale si wosubɔna ye me. Egblɔ be woaɖe ame siwo ɖoe be yewoawɔ nu gbegblẽ eye yewomatrɔ o la le hamea me. (1 Kor. 5:11,12; 6:9, 10) Míewɔna ɖe se sia si wòde le Ŋɔŋlɔawo me la dzi pɛpɛpɛ. Gake ame siwo tsi tre ɖe mía ŋu la tsɔ nya ɖe mía ŋu be míele kpaɖii, míedrɔ̃a ʋɔnu amewo eye míelɔ̃a amewo o. Ele be míade dzesi ame si gbɔ alakpanya siawo tso. Satana Abosam koŋue le megbe na alakpanya mawo. Biblia gblɔ be eyae nye “aʋatsokafofo” la. (Yoh. 8:44; 1 Mose 3:1-5) Eya ta ele be míakpɔ mɔ be azã ame siwo le eƒe akpa dzi atsɔ akaka alakpanyawo tso Yehowa ƒe habɔbɔa ŋu. w24.04 10 ¶13-14
Dzoɖa, March 9
Ele eme va ge.—Eze. 33:33.
Ne xaxa gã la dze egɔmea, anɔ eme be ame siwo akpɔ “Babilon Gã la” ƒe tsɔtsrɔ̃ teƒe dometɔ aɖewo aɖo ŋku edzi be Yehowa Ðasefowo nɔ gbeƒã ɖem nudzɔdzɔ sia ɣeyiɣi didi aɖee nye esia. Ðe ame siwo akpɔ Babilon Gã la tsɔtsrɔ̃ teƒe le xaxa gãa me dometɔ aɖewo ava Yehowa ƒe akpa dzia? (Nyaɖ. 17:5) Ne edzɔ alea, ke asɔ kple ale si wònɔ le Egipte le Mose ƒe ŋkekea me. Ðo ŋku edzi be “ame vovovowo ƒe ha gã aɖe” va wɔ ɖeka kple Israel-viwo esime wonɔ ʋuʋum le Egipte. (2 Mose 12:38) Anɔ eme be ame siawo dometɔ aɖewo va xɔ Yehowa dzi se esime wokpɔe be Fuwɔame Ewo siwo ŋu Mose ƒo nu tsoe la va eme. Ne wotsrɔ̃ Babilon Gã la eye wòdzɔ be amewo ƒu du va wɔ ɖeka kpli mí hafi nuwuwua va abe ale si wòdzɔ le Egipte enea, ɖe wòate ɖe mía dzia? Mele be wòate ɖe mía dzi kura o! Míedi be míasrɔ̃ mía Fofo si le dziƒo, si nye “Mawu nublanuikpɔla kple veveseɖeamenula, ame si medoa dziku kabakaba o, eye eƒe lɔlɔ̃ si nu metsina o kple eƒe nuteƒewɔwɔ sɔ gbɔ.”—2 Mose 34:6. w24.05 11 ¶12-13
Braɖa, March 10
Yi edzi nàlé nya siwo le blibo me ɖe asi.—2 Tim. 1:13.
Nu kae adzɔ ne míegaléa “nya siwo le blibo” la me ɖe asi o? Bu nu si dzɔ le ƒe alafa gbãtɔ me la ŋu kpɔ. Kristotɔ aɖewo nɔ alakpanyawo kakam be Yehowa ƒe ŋkekea va xoxo. Anɔ eme be lɛta aɖe si amewo susu be apostolo Paulo ye ŋlɔe la mee nya siawo dze le. Kristotɔ siwo nɔ Tesalonika dometɔ aɖewo megbɔ dzi ɖi ku nyaa me o, eya ta woxɔe se eye wonɔ ekakam gɔ̃ hã. Ne ɖe woɖo ŋku nu siwo Paulo fia wo esime wònɔ wo gbɔ dzi la, anye ne womaflu wo o. (2 Tes. 2:1-5) Paulo xlɔ̃ nu nɔviawo be woagaxɔ nu sia nu si wose la dzi ase o. Paulo medi be woagaflu Tesalonika nɔviawo ake o, eya ta eƒo lɛta evelia si wòŋlɔ na wo la ta be: “Nye, Paulo ƒe gbedoname, si metsɔ nye ŋutɔ nye asi ŋlɔ, si nye dzesi le nye agbalẽ ɖe sia ɖe me, lae nye esi; aleae meŋlɔa nui.”—2 Tes. 3:17. w24.07 12 ¶13-14
Kuɖa, March 11
Ehiã be miado dzi.—Heb. 10:36.
Ehiã be Kristotɔ siwo le Yudea nado dzi elabe eteƒe madidi o woato xɔse ƒe dodokpɔ sesẽwo me. Togbɔ be wo dometɔ aɖewo to yometiti sesẽwo me va yi hã la, ɖewo ya meto eme kpɔ o. Eya ta apostolo Paulo de dzi ƒo na wo be woadzra ɖo elabe yometiti geɖe le wo ŋgɔ eye woanɔ klalo be yewoawɔ nuteƒe va se ɖe ku me, abe ale si Yesu wɔe ene. (Heb. 12:4) Esi ɣeyiɣiawo va nɔ yiyim la, ame geɖe nɔ nyateƒea xɔm si na Yudatɔwo do dziku vevie eye wonɔ ŋuta sẽm le Kristotɔwo ŋu. Ƒe ʋɛ aɖewo hafi Paulo naŋlɔ agbalẽ sia na Hebritɔwo la, Yudatɔ siwo wu 40 “ɖo nugbe heka atam be, ne yewomewu Paulo o kpaa, yewomaɖu nu alo ano nu o.” (Dɔw. 22:22; 23:12-14) Togbɔ be amewo lé fu Kristotɔwo vevie eye wonɔ wo yome tim kutɔkutɔe hã la, ehiã be woayi edzi anɔ kpekpeawo dem, anɔ gbeƒã ɖem eye woanɔ ŋusẽ dom woƒe xɔse. w24.09 12 ¶15
Yawoɖa, March 12
[Yesu] gblɔ na dadaa be: “Nyɔnu, kpɔ ɖa! Viwòe nye esi!”—Yoh. 19:26.
Yohanes nye apostolo si Yesu Kristo lɔ̃ vevie. (Mat. 10:2) Enɔ Yesu ŋu le eƒe subɔsubɔdɔa katã me, ekpɔ Yesu ƒe nukunuwo teƒe eye megblẽ eƒe Aƒetɔ la ɖi le nɔnɔme sesẽwo me o. Enɔ eteƒe esi wohe Yesu ɖe ati ŋu eye wòkpɔe esi wofɔe ɖe tsitre. Ekpɔ ale si Kristo hamea dze egɔme le ƒe alafa gbãtɔ me kple ale si nya nyuia kaka eye woɖe gbeƒãe le “nuwɔwɔ siwo katã le dziƒoa te dome.” (Kol. 1:23) Le Yohanes ƒe agbenɔƒewo ƒe nuwuwu lɔƒo la, Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋãe wòŋlɔ Biblia-gbalẽ aɖewo. Eŋlɔ nu wɔnuku siwo ‘Yesu Kristo ɖe fiae.’ (Nyaɖ. 1:1) Yohanes ŋlɔ Nyanyuigbalẽawo dometɔ ɖeka. Eye gbɔgbɔ ʋãe wòŋlɔ lɛta etɔ̃ aɖewo hã. Eŋlɔ lɛta etɔ̃lia na Kristotɔ wɔnuteƒe aɖe si ŋkɔe nye Gayo; elɔ̃e abe via ene. (3 Yoh. 1) Agbalẽ siwo nuteƒewɔla tsitsi Yohanes ŋlɔ la dea dzi ƒo na Yesu yomedzela siwo li egbea hã. w24.11 12 ¶15-16
Fiɖa, March 13
Mi srɔ̃ŋutsuwo, . . . mide bubu wo ŋu.—1 Pet. 3:7.
Srɔ̃ŋutsu si lɔ̃ srɔ̃a la dea asixɔxɔ eŋu. Ebua srɔ̃a be enye nunana xɔasi tso Yehowa gbɔ na ye. (Lod. 18:22; 31:10) Le esia ta ewɔa nu ɖe eŋu nyuie ameŋububutɔe le lɔlɔ̃ɖeɖefianuwɔna siwo yia edzi le srɔ̃tɔwo dome la me gɔ̃ hã. Mazi edzi be wòawɔ gbɔdɔnuwɔna tovo siwo ɖia gbɔ ame alo esiwo aɖe fu na srɔ̃a ƒe dzitsinya o. Eye srɔ̃ŋutsua hã adi vevie be yeawɔ nu si ana dzitsinya nyui nanɔ ye si le Yehowa ŋkume. (Dɔw. 24:16) Srɔ̃ŋutsuwo, Yehowa dea dzesi agbagba siwo katã miedzena be miade bubu mia srɔ̃wo ŋu, eye ekpɔa ŋudzedze ɖe wo ŋu. Ðoe kplikpaa be yeatsri nuwɔna siwo medea bubu ame ŋu o, wɔ nu ɖe srɔ̃wò ŋu nyuie le ameŋububu kple lɔlɔ̃ me. Esia afia be èlɔ̃ srɔ̃wò eye èdea asixɔxɔ eŋu. Yi edzi nàde bubu srɔ̃wò ŋu eye esia ana wò kple Yehowa dome nanɔ nyuie.—Ps. 25:14. w25.01 13 ¶17-18
Memleɖa, March 14
[Etsɔ] eɖokui na ɖe mía ta, be wòaɖe mí . . . eye wòakɔ dukɔ si nye eya ŋutɔ tɔ, si le tɔxɛ nɛ, si doa vevie nu le dɔ nyuiwo wɔwɔ me, la ŋu na eɖokui.—Tito 2:14.
Nu vevi aɖe si na Yehowa subɔlawo to vovo tso yeaɖi Kristotɔwo gbɔe nye ale si woɖea gbeƒã kple dzonɔameme. Nu kae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míayi edzi ana dzo nanɔ mía me ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu? Míate ŋu asrɔ̃ Yesu ƒe kpɔɖeŋu. Esi Yesu nɔ anyigba dzi la, edo vevie nu ɖe gbeƒã na amewo. Egado vevie gbeƒãɖeɖedɔa geɖe wu esi ɣeyiɣiawo va nɔ yiyim. Le kpɔɖeŋu aɖe si Yesu wɔ me la, etsɔ eƒe dɔa sɔ kple waingbledela aɖe si do gboti ɖe eƒe agble me eye wòwɔ dɔ sesĩe lé be nɛ ƒe etɔ̃, gake metse ku o. Nenema kee Yesu zã ƒe etɔ̃ tsɔ ɖe gbeƒã na Yudatɔwo gake wo dometɔ geɖe meva zu eƒe nusrɔ̃lawo o. Ke hã, abe ale si ko waingbledela la megbe beléle na gboti si gbe kutsetse o ene la, Yesu hã medzudzɔ gbeƒãɖeɖe na amewo o. (Luka 13:6-9) Ne míesrɔ̃ ale si Yesu wɔ nui kple ale si wòfia nui la, ana dzo nanɔ míawo hã me egbea. w25.03 14-15 ¶1-4
Kwasiɖa, March 15
Aɖaŋudzela wɔa nu le nunya me.—Lod. 13:16.
Nu kae nàwɔ ne edze abe ame aɖe si nèdi be yeaɖe la asɔ na wò ene? Ðe wòle be nàdzo akplae enumakea? Biblia gblɔ be aɖaŋudzela wɔa nunya ŋu dɔ hafi ɖea afɔ. Eya ta asɔ be nàgbɔ dzi ɖi alé ŋku ɖe amea ŋu nyuie ŋuɖɔɖotɔe hafi ne ehiã be nàdo nya aɖe ɖe egbɔ la, nàwɔe. Aleke nàwɔ alé ŋku ɖe amea ŋu ŋuɖɔɖotɔe? Àte ŋu awɔ esia le hame ƒe kpekpewo alo hadomewɔna bubuwo me. Esia ana nàde dzesi ame si ƒomevi wònye, nɔnɔme siwo le esi, kple ale si wòlɔ̃ Yehowae. Ame kawoe nye exɔlɔ̃wo, eye nu kawo ŋue wòɖoa dze tsoe? (Luka 6:45) Ðe eƒe taɖodzinuwo sɔ kple tɔwòa? Àte ŋu aɖo dze kple eƒe hamemetsitsiwo alo nɔvi tsitsi bubu siwo nyae nyuie, ale be nànya nu geɖe tso eŋu. (Lod. 20:18) Bia wo woagblɔ ale si wonyae kple nɔnɔme siwo le esi la na wò. (Rut 2:11) Esi nèle ŋku lém ɖe amea ŋu la, kpɔ nyuie be nàgawɔ nu siwo ana wòade vovo ge le eɖokui me do kpoe o. De bubu eƒe seselelãmewo ŋu, na wòavo le eɖokui me, eye mèganɔ ŋku kem ɖe eƒe nu sia nu me o. w24.05 22 ¶7-8
Dzoɖa, March 16
Meʋu nye nu vɔ̃ me na wò mlɔeba.—Ps. 32:5.
Hamemetsitsiwo metsɔa dzitsitsi ƒoa nya ta be ame si wɔ nu vɔ̃ la mele dzi me trɔ ge o. Ame aɖewo ate ŋu atrɔ dzi me ne kɔmitia do go kpli wo zi gbãtɔ. Gake ɖewohĩ ame bubuwo ya ahiã ɣeyiɣi. Eya ta hamemetsitsiawo ate ŋu akpe kple nu gbegblẽ wɔlaa wu zi ɖeka. Anɔ eme be le kpekpe kple amea zi gbãtɔ me la, ate ŋu ava nɔ nu siwo wòsea ŋu bum vevie eye wòabɔbɔ eɖokui ado gbe ɖa abia Yehowa ƒe tsɔtsɔke. (Ps. 38:18) Esia ate ŋu awɔe be le kpekpe siwo agakplɔe ɖo me la, ale si wòawɔ nu ato vovo na ale si wòwɔe esi wokpe kplii zi gbãtɔ. Be hamemetsitsiwo nakpe ɖe nu vɔ̃ wɔlaa ŋu be wòatrɔ dzi me la, ele be woawɔ nu ɖe eŋu le tufafa me eye woase veve ɖe enu. Wodoa gbe ɖa eye wonɔa mɔ kpɔm be Yehowa nayra ɖe agbagba siwo dzem yewole la dzi ale be nɔvi si tra mɔ la nanyɔ le eɖokui me eye wòatrɔ dzi me.—2 Tim. 2:25, 26. w24.08 23 ¶12-13
Braɖa, March 17
“Ame aɖeke ƒe ku mevivia nunye o,” Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa ye gblɔe. “Eya ta mitrɔ, ne mianɔ agbe.”—Eze. 18:32.
Yehowa medi be ame aɖeke natsrɔ̃ o! Edi be nu gbegblẽ wɔlawo nadzra wo kple ye dome ɖo. (2 Kor. 5:20) Eya ta tso blema ke la, Yehowa dea dzi ƒo na eƒe dukɔ kple ame ɖekaɖeka siwo tra mɔ be woatrɔ dzi me eye woatrɔ ava ye gbɔ. Mɔnukpɔkpɔ gã aɖee wònye na hamemetsitsiwo be woawɔ dɔ aduadu kple Yehowa ale be woakpe ɖe nu gbegblẽ wɔlawo ŋu be woatrɔ dzi me. (Rom. 2:4; 1 Kor. 3:9) Dzidzɔ gã wònyena le dziƒo ne nu vɔ̃ wɔlawo trɔ dzi me! Mía Fofo si le dziƒo Yehowa kpɔa dzidzɔ ŋutɔ ne eƒe alẽ si bú trɔ gbɔ va hamea me. Ne míede ŋugble le Yehowa ƒe dɔmetɔtrɔ, nublanuikpɔkpɔ kple dɔmenyonyo ŋu la, míegalɔ̃a eyama ɖe edzi.—Luka 1:78. w24.08 31 ¶16-17
Kuɖa, March 18
Esi Yesu nya be wogbɔna ye lé ge aɖo fiae la, egaɖe eɖokui ɖe aga yi to la dzi.—Yoh. 6:15.
Ne Yesu lɔ̃ woɖoe fia la, ke afia be ele nu dem Yudatɔ siwo dzi ɖum Romatɔwo nɔ la, ƒe dunyawo me. Yesu mewɔ nu sia gbeɖe o. ‘Eɖe eɖokui ɖe aga yi to la dzi.’ Aleke kee amewo ɖaƒoe ɖe Yesu nui o, meƒo eɖokui ɖe dunyahehe me o. Esia nye kpɔɖeŋu nyui aɖe na mí! Anɔ eme be amewo mabia tso mía si be míana nuɖuɖu nadzi ɖe edzi nukutɔe alo ada dɔ na yewo o, eye ɖewohĩ womate kpɔ be yewoaɖo mí fia alo dukplɔla ya o. Gake woate ŋu aƒoe ɖe mía nu be míade nu dunya me ada akɔ na ame aɖe alo ade ame aɖe si wosusu be ahe tɔtrɔ nyuiwo vɛ la dzi. Ele vevie be míaɖo ŋku Yesu ƒe kpɔɖeŋua dzi. Egbe gbidii be yemade nu dunyahehe me o, eye wògblɔ emegbe gɔ̃ hã be: “Nye Fiaɖuƒe menye xexe sia ƒe akpa aɖeke o.” (Yoh. 17:14; 18:36) Mí Kristotɔ siwo li egbea míedzea agbagba be míasrɔ̃ Yesu ƒe nuŋububu kple nuwɔna. Míenɔa eƒe Fiaɖuƒea ƒe akpa dzi, míeɖia ɖase tso Fiaɖuƒea ŋu eye míedoa gbe ɖa be wòava.—Mat. 6:10. w24.12 4 ¶5-6
Yawoɖa, March 19
Ame si léa nye sewo me ɖe asi, eye wòwɔa wo dzi la, eyae lɔ̃am. Azɔ ame si lɔ̃am la, Fofonye alɔ̃e, eye malɔ̃e, eye maɖe ɖokuinye afiae.—Yoh. 14:21.
Ne èle nu srɔ̃m la, kpɔe ɖa be aleke nàte ŋu awɔ nufiameawo ŋu dɔ le wò agbe me hã. Le kpɔɖeŋu me, srɔ̃ Yehowa ƒe dzɔdzɔenyenye to ale si nàwɔ nu ɖe amewo katã ŋu nyuie me. Srɔ̃ ale si Yesu lɔ̃ Fofoa ne wò hã nàlɔ̃ faa akpe fu le Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ ta eye nànɔ klalo be yeakpe ɖe nɔviwò Kristotɔwo ŋu ne esia ana nàxaxa gɔ̃ hã. Àgate ŋu asrɔ̃ Yesu ƒe kpɔɖeŋua aɖe gbeƒã na amewo be mɔnukpɔkpɔ nasu wo si be woaxɔ tafea dzi ase ne wòaɖe vi na woawo hã. Zi ale si míeva le tafea gɔme sem hele ŋudzedze kpɔm ɖe eŋu la, zi nenemae míeva lɔ̃a Yehowa kple Via ɖe edzi. Eye woawo hã woagalɔ̃a mí vevie. (Yak. 4:8) Eya ta mina míayi edzi awɔ nu sia nu si Yehowa na mí la ŋu dɔ atsɔ anɔ nu geɖe srɔ̃m tso tafea ŋu. w25.01 25 ¶16-17
Fiɖa, March 20
Ètsɔ nye nu vɔ̃wo katã ƒu gbe ɖe megbewò.—Yes. 38:17.
Míagate ŋu axlẽ egbe ƒe mawunyakpukpuia ale: “Èɖe nye nu vɔ̃wo ɖa le ŋkuwò me.” Kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ sia fia be Yehowa kɔa nu vɔ̃ wɔla si trɔ dzi me la ƒe nu vɔ̃wo ɖa le edzi eye wòtsɔnɛ ƒua gbe ɖe afi si eƒe ŋkuwo megakpɔnɛ o. Míagate ŋu agblɔ nya mawo le mɔ bubu nu be: “Èwɔ [nye nu vɔ̃wo] abe ɖe womedzɔ kura o ene.” Biblia gate gbe ɖe nya vevi sia dzi le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ bubu si dze le Mika 7:18, 19 me. Wogblɔ le afi ma be Yehowa tsɔa míaƒe nu vɔ̃wo ƒua gbe ɖe atsiaƒu ƒe gogloeƒe ke. Le blema la, manya wɔ gbeɖe be woavae ɖe nane si wotsɔ ƒu gbe ɖe atsiaƒu ƒe gogloeƒe o. Míeva srɔ̃e le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ siawo me be ne Yehowa tsɔ míaƒe nu vɔ̃ ke mí la, eɖenɛ ɖa le mía dzi keŋkeŋ be míakpɔ gbɔdzɔe. Nyateƒee, abe ale si David gblɔe ene la, “dzidzɔtɔwoe nye ame siwo ƒe dzidadawo wotsɔ ke, ame siwo ƒe nu vɔ̃wo dzi wotsyɔ nui.” (Rom. 4:7) Emae nye tsɔtsɔke vavãtɔ! w25.02 9 ¶7-8
Memleɖa, March 21
Mitso aseye, eye mikpɔ dzidzɔ tegbee ɖe nu si wɔm mele la ŋu.—Yes. 65:18.
Paradiso aɖe le anyigba dzi egbea, si me ame miliɔn geɖe le, eye wole dɔ nyui geɖe wɔm. Ame siwo le eme la le ŋutifafa vavãtɔ me. Woɖoe kplikpaa be yewomado le eme akpɔ o. Eye wodi be yewoakpe ɖe ame geɖe ŋu woava eme. Paradiso tɔxɛ mae nye gbɔgbɔmeparadisoa! Fuléle kple vɔ̃ɖivɔ̃ɖi yɔ Satana ƒe xexea me fũu eye dedienɔƒe aɖeke meli o. Gake nukutɔea, Yehowa wɔ ɖoɖo tɔxɛ aɖe si ana míanɔ dedie eye míaɖe dzi ɖi. (1 Yoh. 5:19; Nyaɖ. 12:12) Mía Mawu lɔ̃amea nya ale si gbegbe nuɖoanyi sia le nu gblẽm le mía ŋu, eye wòwɔ gbɔgbɔmeparadiso si me míanɔ dedie le ƒe ɖoɖo na mí. Woɖɔ gbɔgbɔmeparadisoa le eƒe Nyaa me be enye “sitsoƒe” kple “abɔ si wode tsii nyuie.” (Yes. 4:6; 58:11) Yehowa ƒe yayra wɔe be nu dze edzi na ame siwo le gbɔgbɔmeparadisoa me le ŋkeke mamlɛ sesẽ siawo me.—Yes. 54:14; 2 Tim. 3:1. w24.04 20 ¶1-2
Kwasiɖa, March 22
[Mina] Mawu nanya miaƒe dzimedidiwo.—Flp. 4:6.
Ne èdi be yeaɖe srɔ̃ la, ke ɖikeke mele eme o be èdoa gbe ɖa tso eŋu. Le nyateƒe me la, Yehowa medo ŋugbe be yeana ye subɔla ɖe sia ɖe nakpɔ srɔ̃ aɖe o. Ke hã, enya nu siwo nèhiã kple ale si nèle sesem le ɖokuiwò me, eye akpe ɖe ŋuwò esime nèle agbagba dzem be yeakpɔ ame si asɔ na ye. Eya ta yi edzi nànɔ wò dzimenyawo gblɔm na Yehowa. (Ps. 62:8) Do gbe ɖa nàbia nunya kple dzigbɔɖi. (Yak. 1:5) Ne mèkpɔ ame si asɔ na wò fifia o hã la, Yehowa do ŋugbe be yeayi edzi alɔ̃ wò ahalé be na wò, eye magblẽ wò ɖi o. (Ps. 55:22) Ke hã, nuxlɔ̃amenya aɖee nye esi: Mègana didi be yeaɖe srɔ̃ nanye nu vevitɔ si axɔ susu me na wò o. (Flp. 1:10) Menye srɔ̃ɖeɖe alo srɔ̃maɖemaɖe dzie dzidzɔ vavãtɔ nɔ te ɖo o. Ke boŋ enɔ te ɖe mia kple Yehowa dome ƒomedodo dzi. (Mat. 5:3) Le wò trenɔɣi la, mɔnukpɔkpɔ geɖe asu asiwò nàkeke wò subɔsubɔdɔa ɖe enu. (1 Kor. 7:32, 33) Eya ta wɔ ɣeyiɣi ma ŋu dɔ nyuie. w24.05 21 ¶4; 22 ¶6
Dzoɖa, March 23
[Miganɔ] miawo ŋutɔ miaƒe nyonyo ko dim o, ke [midi] ame bubuwo hã ƒe nyonyo.—Flp. 2:4.
Ɣeyiɣi didi kae wòle be miazɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe? Zi geɖe ne wotsɔ dzitsitsi tso nya mea, emetsonua meva nyona o. (Lod. 21:5) Eya ta ele be ɣeyiɣi aɖe sinu nava yi ale be miate ŋu anya mia nɔewo nyuie. Gake mele be wòaxɔ ɣeyiɣi fũu akpa hã o. Biblia gblɔ be: “Mɔkpɔkpɔ si meva eme kaba o nana dzi sea veve.” (Lod. 13:12) Nu kae ame bubuwo ate ŋu awɔ na ame eve siwo le zɔzɔm do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe? Miate ŋu akpe wo woava ɖu nu kpli mi, woakpɔ gome le miaƒe ƒometadedeagu me, alo woava miaɖe modzaka ɖekae. (Rom. 12:13) Ðe wòahiã be ame aɖe nado etɔ̃lia na wo ale be wo ame evea ɖeɖe nagaɖe ɖe aga oa? Ðe wòahiã be woatsɔ ʋu akɔ wo ayi afi aɖe ne woaɖe dzi ɖi aɖo dze nyuiea? Ne nenemae la, àte ŋu akpe ɖe wo ŋua? (Gal. 6:10) Ne ame eve siwo le zɔzɔm bia tso asiwò be nàdo etɔ̃lia na yewoa, bui be enye mɔnukpɔkpɔ na ye be yeakpe ɖe wo ŋu. Kpɔ egbɔ be nàgadzo le wo gbɔ agblẽ woawo ɖeɖe ɖi o, gake nàɖɔ ŋu ɖo hã be ne eva hiã be wo ame evea naɖe dzi ɖi aɖo dzea, nàte yi adzɔge vie. w24.05 30 ¶13-14
Braɖa, March 24
Mena ɣeyiɣii be wòatrɔ dzi me.—Nyaɖ. 2:21.
Hamemetsitsiwo dzea agbagba be yewoanya nu si kplɔ ame aɖe de nu vɔ̃ me. Le kpɔɖeŋu me, ɖe amea megasrɔ̃a nu le eɖokui si alo dea gbeadzi o si na wògbɔdzɔa? Ðe megadoa gbe ɖa edziedzi o alo eƒe gbedodoɖa va zu kɔnu dzro aɖe koa? Ðe wòɖe mɔ dzodzro vɔ̃wo nɔ ŋusẽ kpɔm ɖe edzia? Ame kawoe wòdea ha kplii eye nu kawoe wòtsɔ ɖea modzakae? Ŋusẽ kae nu mawo kpɔ ɖe edzi? Ðe wòte ŋu de dzesi ale si Fofoa Yehowa le sesem le eɖokui me tso nu si wòwɔ ŋua? Hamemetsitsiwo ate ŋu abia nya aɖewo amea si akpe ɖe eŋu be wòade ŋugble akpɔ nu siwo gbɔ wòtso be eya kple Yehowa dome gbɔdzɔ si na wòva wɔ nu vɔ̃ la ŋu. Wowɔa esia le lɔlɔ̃ me eye wokpɔa egbɔ be yewomabia nya siwo mehiã kokoko be yewoanya o. (Lod. 20:5) Hamemetsitsiawo ate ŋu azã kpɔɖeŋuwo atsɔ akpe ɖe amea ŋu wòade ŋugble ne wòade dzesi ale si gbegbe wòtrae. Anɔ eme be ne wodo go kple amea zi gbãtɔ la, alé blanui eye wòase veve vevie ɖe nu siwo wòwɔ la ta. Ate ŋu adzɔ gɔ̃ hã be wòatrɔ dzi me. w24.08 22 ¶9-11
Kuɖa, March 25
Ele nam be magblɔ Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nya nyui la na du bubuwo hã, elabena esia tae wodɔm ɖo.—Luka 4:43.
Yesu ɖe gbeƒã “Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nya nyui la” dzonɔamemetɔe, elabena enyae be eyae nye dɔ si Mawu de ye si. Gbeƒãɖeɖedɔa ye nye dɔ vevitɔ kekeake na Yesu. Esi wòsusɔ vie Yesu naku gɔ̃ hã la, eyi ɖato “duwo kple kɔƒewo me [nɔ] nu fiam” amewo. (Luka 13:22) Ena hehe nusrɔ̃la bubu aɖewo hã be woaɖe gbeƒã nya nyuia abe ale si yewɔe ene. (Luka 10:1) Egbea hã, gbeƒãɖeɖedɔa ye nye dɔ vevitɔ si Yehowa kple Yesu di be míawɔ. (Mat. 24:14; 28:19, 20) Dzo ate ŋu aɖo mía me geɖe wu ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu ne míetsɔa ɖe le eme na amewo abe ale si Yehowa tsɔa ɖe le eme na woe ene. Yehowa di be ame geɖe nase nya nyuia eye woaxɔ nyateƒea. (1 Tim. 2:3, 4) Esi nya nyuia axɔ amewo ɖe agbe ta la, Yehowa naa hehe mí be míabi ɖe egbɔgblɔ me. Ne amewo mexɔ nya nyuia fifia o hã la, mɔnukpɔkpɔ ate ŋu asu wo si woava xɔ nya nyuia hafi xaxa gã la nawu enu. w25.03 15-16 ¶5-7
Yawoɖa, March 26
Ame si do gbe nɛ la kpɔ gome kplii le eƒe dɔwɔwɔ vɔ̃ɖiawo me.—2 Yoh. 11.
Kristotɔ ɖe sia ɖe awɔ eƒe dzitsinya si wòtsɔ Biblia na hehee ŋu dɔ atso nya me le nu si wòawɔ ŋu. Ame aɖewo adi be yewoado gbe na ame si woɖe le haa me alo ado wòezɔ nɛ. Ke hã mele be míava nɔ dze ɖom kplii alo anɔ ha dem kplii o. Ame aɖe abia be, ‘Menye ɖe wogblɔ le Biblia me be Kristotɔ si do gbe na nu gbegblẽ wɔla la kpɔ gome kplii le eƒe dɔwɔwɔ vɔ̃ɖiawo me oa?’ (2 Yoh. 9, 11) Nya siwo ƒo xlã mawunyakpukpui sia ɖee fia be xɔsegbelawo kple ame siwo doa nu gbegblẽ wɔwɔ ɖe ŋgɔ ƒe nya gblɔm wole. (Nyaɖ. 2:20) Eya ta ne ame aɖe le xɔsegbelawo ƒe nufiafia alo nu gbegblẽ wɔwɔ dom ɖe ŋgɔ la, hamemetsitsiwo mawɔ ɖoɖo avae srãe kpɔ o. Ate ŋu adzɔ be ame sia ƒomevi natrɔ dzi me ya. Gake ne amea metrɔ dzi me o la, mímado gbe nɛ alo akpee be wòade hamea ƒe kpekpewo o. w24.08 30-31 ¶14-15
Fiɖa, March 27
Womete ŋu le nuwo gɔme sem o.—Marko 6:52.
Esi Yesu nyi ameha aɖe vɔ la, ena eƒe apostoloawo ɖo tɔdziʋu trɔ yi Kapernaum, gake eya ŋutɔ ɖe eɖokui ɖe aga yi toa dzi, ale be amehaa nagalé ye aɖo fiae o. (Yoh. 6:16-20) Esi apostoloawo nɔ tɔdziʋua kum yina la, ya sesẽ aɖe te ƒoƒo eye atsiaƒua dze agbo. Ɣeyiɣi aɖe megbe la, wokpɔ Yesu wòzɔ tsia dzi gbɔna wo gbɔ. Eye Yesu na apostolo Petro hã zɔ tsia dzi. (Mat. 14:22-31) Esi Yesu nya ge ɖe tɔdziʋua me ko la, ya sesẽ la tɔ. Nusrɔ̃laawo ƒe nu ku eye wogblɔ be: “Mawu Vie nènye vavã.” (Mat. 14:33) Ewɔ nuku be nusrɔ̃lawo megblɔ nya sia esi Yesu nyi amehaa vɔ o, gake wogblɔ nya sia esi wokpɔe wòzɔ tsi dzi. Marko gblɔ tso nudzɔdzɔ sia ŋu be: “[Apostoloawo ƒe] nu ku ŋutɔ, elabena womekpɔ nufiame si le abolo siwo wòna me la dze sii o.” (Marko 6:50-52) Nusrɔ̃lawo mekpɔe dze sii be Mawu na ŋusẽ Yesu be wòate ŋu awɔ nukunu geɖe wu abolonana amewo ko evɔ o. w24.12 5 ¶7
Memleɖa, March 28
[Mawu] ƒe lɔlɔ̃nue nye be woaɖe ame ƒomeviwo katã, eye nyateƒe ƒe sidzedze vavãtɔ la nasu wo si.—1 Tim. 2:4.
Míate ŋu aɖee afia be míekpɔ ŋudzedze ɖe lɔlɔ̃ si Yehowa ɖe fia mí la ŋu ne míewɔ geɖe le Ŋkuɖodzi ƒe ɣeyiɣiawo me tsɔ ɖee fia Yehowa be míeda akpe nɛ ɖe tafea ta. Ele vevie be míawɔ ɖoɖo ade Ŋkuɖodzia, eye míakpe ame geɖewo hã be woade. Ðe ale si wɔnaa ayi edzi le Ŋkuɖodzia me na ame siwo nàkpe. Aɖe vi ŋutɔ ne èɖe video siwo nye Nu Ka Tae Yesu Ku? kple Ðo Ŋku Yesu Ƒe Kua Dzi siwo le jw.org la fia wo. Hamemetsitsiwo, miɖo ŋku edzi miakpe ame siwo dzudzɔ gbeadzi alo kpekpeawo dede. Bu dzidzɔ si gbegbe wòanye le dziƒo kple anyigba dzi ne Yehowa ƒe alẽ siwo bu la dometɔ aɖewo trɔ va eƒe alẽhaa dome ŋu kpɔ! (Luka 15:4-7) Le Ŋkuɖodziŋkekea dzi la, míaɖo ŋku edzi be menye mía nɔvi siwo míekpɔna ɣesiaɣi koe míado gbe na o, ke míado gbe na ame yeyewo kple ame siwo megade kpekpeawo kpɔ o hã. Míedi be míana woakpɔe be míexɔ yewo nyuie!—Rom. 12:13. w25.01 29 ¶15
Kwasiɖa, March 29
Mawu . . . lɔ̃ mí, eye wòdɔ Via be wòanye avulévɔsa ɖe míaƒe nu vɔ̃wo ta.—1 Yoh. 4:10.
Tafea na míekpɔe be Yehowa ƒe mɔwo dzɔ, gake vevietɔ wu la, ena míekpɔ ale si gbegbe wòlɔ̃ míi. (Yoh. 3:16; 1 Yoh. 4:9, 10) Tafea ɖee fia be menye ɖeko Yehowa di be míanɔ agbe tegbee ko evɔ o, ke edi be míanye yeƒe ƒomea me tɔwo hã. Bu nya sia ŋu kpɔ: Esi Adam wɔ nu vɔ̃ la, megava nye Yehowa ƒe ƒomea me tɔ o. Esia wɔe be womedzi mía dometɔ aɖeke ɖe Mawu ƒe ƒomea me o. Gake to tafea dzi la, Yehowa tsɔa míaƒe nu vɔ̃wo kea mí, eye mlɔeba ana ame siwo katã xɔ eyama dzi se eye woɖoa toe la nava nye eƒe ƒomea me tɔwo. Gake fifia gɔ̃ hã, tafea wɔe be mía kple Yehowa kpakple mía nɔvi Kristotɔwo dome ate ŋu anɔ nyuie. Yehowa lɔ̃ mí ŋutɔ vavã!—Rom. 5:10, 11. w25.01 21 ¶6
Ŋkuɖodzi Biblia xexlẽ: (Ŋkekea me nudzɔdzɔwo: Nisan 9) Yohanes 12:12-19; Marko 11:1-11
Dzoɖa, March 30
Esia me woɖe Mawu ƒe lɔlɔ̃ ɖe go fia le.—1 Yoh. 4:9.
Ðikeke mele eme o be èbua tafea be enye nunana xɔasi aɖe tso Yehowa gbɔ! (2 Kor. 9:15) Esi Yesu tsɔ eƒe agbe sa vɔ ɖe mía ta ta la, wò kple Yehowa Mawu dome ate ŋu anɔ kplikplikpli. Tafea wɔe hã be àte ŋu anɔ agbe tegbee. Eya ta esɔ ŋutɔ be míaɖee afia be míekpɔa ŋudzedze ɖe tafea ŋu eye míada akpe na Yehowa ɖe ale si wòlɔ̃ mí eye wòwɔ ɖoɖo sia na mí ta! (Rom. 5:8) Yesu ɖo eƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia anyi be míade ƒe sia ƒe be wòakpe ɖe mía ŋu míagaŋlɔ nunana gã si nye tafea be gbeɖe o. (Luka 22:19, 20) Le ƒe sia me la, Ŋkuɖodzia dze Yawoɖa, April 2, 2026 dzi. Míeka ɖe edzi be mí katã míele ɖoɖo wɔm be míade. Le Ŋkuɖodzi ƒe ɣeyiɣia me la, anyo ŋutɔ ne míedi ɣeyiɣi de ŋugble le nu si Yehowa kple Via wɔ na mí ŋu. w25.01 20 ¶1-2
Ŋkuɖodzi Biblia xexlẽ: (Ŋkekea me nudzɔdzɔwo: Nisan 10) Yohanes 12:20-50
Braɖa, March 31
Mixɔ nye amehehe ɖe klosalo teƒe, eye mixɔ sidzedze ɖe sika nyuitɔ teƒe.—Lod. 8:10.
Ne èyi edzi srɔ̃ nu geɖe tso Yehowa Mawu kple Kristo Yesu ŋu hedea ŋugble le wo ŋu la, esia ana nàganya nu geɖe tso lɔlɔ̃ si woɖe fia mí ŋu. Anyo be le Ŋkuɖodzi ƒe ɣeyiɣiawo me la, nàdze agbagba axlẽ Nyanyuigbalẽawo dometɔ ɖeka ya teti nyuie. Mègatsi dzi be yeaxlẽ ta gbogbo aɖewo zi ɖeka o. Ke boŋ gbɔ dzi ɖi nàxlẽe vivivi be nàde dzesi susu bubu siwo tae wòle be míalɔ̃ Yehowa kple Yesu. Ne ƒe geɖee nye esia nèle nyateƒea me la, ate ŋu awɔ na wò be nu yeye kae gali yeasrɔ̃ tso Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye, eƒe lɔlɔ̃, tafea kple emawo tɔgbi ŋu hã. Gake nyateƒeae nye be seɖoƒe meli na nu siwo míate ŋu asrɔ̃ tso nu siawo kple bubuawo ŋu o. Eya ta dze agbagba nàxlẽ Biblia-srɔ̃gbalẽ gbogbo siwo le mía si siwo ƒo nu tso nyati mawo ŋu. w25.01 24-25 ¶13-15
Ŋkuɖodzi Biblia xexlẽ: (Ŋkekea me nudzɔdzɔwo: Nisan 11) Luka 21:1-36