May
Fiɖa, May 1
Mawu mekpɔa ame ŋkume o.—Rom. 2:11.
Esi Yehowa ɖe eƒe amewo tso kluvinyenye me le Egipte la, etia ame aɖewo be woanye nunɔlawo asubɔ le avɔgbadɔa me. Ede dɔ vovovo Lewi viwo si le avɔgbadɔa me. Ðe Yehowa lé be na ame siwo subɔ le avɔgbadɔa me alo ame siwo ƒe agbadɔwo te ɖe avɔgbadɔa ŋu wu ame bubuawoa? Ao! Yehowa mewɔe nenema o elabe mekpɔa ame ŋkume o. Israel-vi ɖe sia ɖe ate ŋu anye Yehowa xɔlɔ̃ kplikplikpli. Le kpɔɖeŋu me, Yehowa kpɔ egbɔ be dukɔ bliboa kpɔ alilikpo dodo kple dzobibi si nɔ avɔgbadɔa tame. (2 Mose 40:38) Ɣesiaɣi si alilikpoa ho le avɔgbadɔa tame la, ame siwo ƒe agbadɔ le adzɔge ke hã kpɔnɛ. Woblaa woƒe agbawo, wokakaa woƒe agbadɔwo eye woawo hã wohona kple dukɔa. (4 Mose 9:15-23) Egbea hã, anyigba ƒe akpa ka kee míeɖale o, Yehowa lɔ̃ mí, eléa be na mí, eye wòkpɔa mía ta. w24.06 4 ¶10-12
Memleɖa, May 2
Mitso, mina míasi; elabena míate ŋu ado le Absalom si me o!—2 Sam. 15:14.
David ƒe agbe ɖo afɔku me. Via Absalom ɖoe kplikpaa be yeawui ne yeaxɔ fiazikpuia. (2 Sam. 15:12, 13) Eva hiã be David nadzo le Yerusalem enumake! Esi eya kple eŋumewo nɔ sisim la, eɖo ŋku edzi be ehiã be ame aɖe nanɔ Yerusalem ne wòana yeanya nu si Absalom ɖo be yeawɔ. Eya ta edɔ Zadok kple nunɔla bubuwo be woatrɔ ayi dua me awɔ dɔ ma na ye. (2 Sam. 15:27-29) Ele be woaɖɔ ŋu ɖo ŋutɔ. David wɔ ɖoɖo be Zadok kple Husai, siwo nye David xɔlɔ̃ wɔnuteƒewo, nakpe ɖe ye ŋu. (2 Sam. 15:32-37) Husai wɔ ɖe ɖoɖoa dzi eye wòwɔ abe ɖe wòde Absalom dzi ene. Eɖo aɖaŋu aɖe na Absalom si na mɔnukpɔkpɔ David be wòadzra ɖo ɖe amedzidzedze la ŋu. Emegbe Husai fi tofi na Zadok kple Abiatar tso ale si nuwo yi ŋu. (2 Sam. 17:8-16) Eye ame eve siawo hã kpɔ egbɔ be nyatakaka la ɖo David gbɔ; wowɔ akpa vevi aɖe tsɔ kpɔ David tae.—2 Sam. 17:21, 22. w24.07 4-5 ¶9-10
Kwasiɖa, May 3
Yehowa be: “Miva ne míakpɔ mía dome nyawo gbɔ.”—Yes. 1:18.
Yehowa subɔla aɖewo sea veve vevie ɖe nu vɔ̃ siwo wowɔ va yi alo esiwo wowɔ le woƒe nyɔnyrɔxɔxɔ megbe la ta. Gake ele be míaɖo ŋku edzi be esi Yehowa lɔ̃ mí vevie tae wòwɔ ɖoɖo ɖe tafea ŋu be yeatsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ake mí. Míate ŋu aka ɖe edzi be edi be míaxɔ yeƒe nunana sia alɔeve. Yehowa ka ɖe edzi na mí be ne míenya ‘kpɔ mía kpli ye dome nyawo gbɔ’ vɔ ko la, yemagabu míaƒe vodadawo na mí azɔ o. Edzɔa dzi na mí ŋutɔ be Yehowa megaɖoa ŋku nu vɔ̃ siwo míewɔ va yia dzi o! Gake eɖoa ŋku nu nyui siwo míewɔ va yi ya dzi. (Ps. 103:9, 12; Heb. 6:10) Ne nu siwo nèwɔ va yi le fu ɖem na wò la, anyo be nàtrɔ susu ɖe nu siwo wɔm nèle fifia kple nu siwo nàva wɔ le etsɔme la ŋu. Màte ŋu atrɔ nu siwo dzɔ va yi o. Gake àte ŋu awɔ nu siwo ahe kafukafu vɛ na Yehowa fifia eye nànɔ mɔ kpɔm na nu siwo ƒe ŋugbe wòdo na wò. w24.10 8 ¶8-9
Dzoɖa, May 4
Mido amenyenye yeye la.—Kol. 3:10.
Ne èxlẽa Biblia eye nèdea ŋugble le ale si nàwɔ ɖe eƒe mɔfiamewo dzi ŋu la, ɖewohĩ àde dzesi nu gbogbo aɖewo siwo ŋu wòle be nàtrɔ asi le. Esia ate ŋu ana dzi naɖe le ƒowò. Le kpɔɖeŋu me, tsɔe be esi nèxlẽ Biblia Dzoɖagbea, eƒo nu tsi tre ɖe ameŋkumekpɔkpɔ ŋu. (Yak. 2:1-8) Èkpɔe be ele be yeawɔ tɔtrɔ aɖewo ale be yeawɔ nu ɖe amewo katã ŋu nyuie. Ke esi ŋu ke Braɖagbe eye nègaxlẽ Biblia ƒe akpa bubu la, eƒo nu tso ale si wòle be míakpɔ míaƒe aɖe dzi nyuie ŋu. (Yak. 3:1-12) Ède ŋugble tso eŋu eye nèkpɔe be ɣeaɖewoɣi la, yeƒe nuƒoƒo medea dzi ƒo tututu o. Eya ta èɖoe be yeawɔ tɔtrɔ ale be yeƒe nyawo nade dzi ƒo ahatu ame ɖo. Le Kuɖagbea, èsrɔ̃e be mele be yeanye xexea xɔlɔ̃ o. (Yak. 4:4-12) Eya ta èɖoe be yealé ŋku ɖe nu siwo yetsɔna ɖea modzakae ŋu. Kaka Yawoɖagbe naɖo la, dzi ate ŋu aɖe le ƒowò elabe nu siwo ŋu nàwɔ dɔ tsoe la sɔ gbɔ. Gake dzi megaɖe le ƒowò o. Ðo ŋku edzi be ele be míayi edzi anɔ “amenyenye yeyea” dom, menye ŋkeke ɖeka ƒe nu koe wònye o. w24.09 5-6 ¶11-12
Braɖa, May 5
Mikɔ Kristo la si nye Aƒetɔ ŋu le miaƒe dziwo me, eye minɔ dzadzraɖoɖi ɣesiaɣi be miaʋli mɔkpɔkpɔ si le mia si la ta le ame sia ame si abia nya mi tso eŋu la ŋkume, gake miwɔe le tufafa kple bubu deto me.—1 Pet. 3:15.
Yesu nya be nu madzɔmadzɔ siwo katã wɔm wonɔ ɖe ye ŋu la nɔ nyanya na Yehowa. Eɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu be ava kpɔ nyawo gbɔ le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi. Míate ŋu asrɔ̃ Yesu aɖɔ ŋu ɖo le nuƒoƒo me ne wowɔ nu madzɔmadzɔ ɖe mía ŋu. Ɣeaɖewoɣia, menye nya gãe wònyena o eye míate ŋu aŋe aɖaba aƒu edzi. Alo míate ŋu atiae be míazi ɖoɖoe kple susu be míagava gblɔ nya aɖe si ava gblẽ nyaa ɖe edzi o. (Nyagb. 3:7; Yak. 1:19, 20) Ɣeaɖewoɣi hã, ahiã be míaƒo nu atsɔ aʋli ame aɖe si ŋu wole nu madzɔmadzɔ wɔm ɖo la ta alo ahiã be míaƒo nu atsɔ aʋli nyateƒea ta. (Dɔw. 6:1, 2) Ne eva hiã nenema la, ele be míadze agbagba be míaƒo nu le tufafa kple bubu deto me. Míate ŋu asrɔ̃ Yesu atsɔ mía ɖokui ade asi na “Ame si drɔ̃a ʋɔnu dzɔdzɔe la.”—1 Pet. 2:23. w24.11 5-6 ¶10-12
Kuɖa, May 6
Mawudɔlawo kpɔa dzidzɔ le nu vɔ̃ wɔla ɖeka si trɔ dzi me la ŋuti.—Luka 15:10.
Dzidzɔnya gãe wònyena ne nu vɔ̃ wɔla aɖe trɔ dzi me! (Luka 15:7) Ke ame kae dze na kafukafua? Hamemetsitsiawoea? Ðo ŋku edzi be apostolo Paulo gblɔ tso nu vɔ̃ wɔlawo ŋu be: “Mawu ana woatrɔ dzi me.” (2 Tim. 2:25) Eya ta menye amegbetɔ aɖekee kpe ɖe Kristotɔ si tra mɔ la ŋu be wòtrɔ eƒe nuwɔna kple agbenɔnɔ o, ke Yehowa ye. Paulo gblɔ nu siwo dzɔna ne ame aɖe trɔ dzi me. Amea gava sea nyateƒea gɔme ɖe edzi wu, enyɔna le eɖokui me, eye wòdona le Satana ƒe mɔ̃tetrewo me. (2 Tim. 2:26) Ne nu gbegblẽ wɔlaa trɔ dzi me la, kɔmitia awɔ ɖoɖo anɔ esrãm kpɔ edziedzi ale be woayi edzi anɔ kpekpem ɖe eŋu be wòaɖu Satana ƒe tetekpɔwo dzi eye wòaɖe mɔ dzɔdzɔe na eƒe afɔwo.—Heb. 12:12, 13. w24.08 23 ¶14-15
Yawoɖa, May 7
Menye esi miekpɔ dzesiwo tae miele diyem ɖo o, ke boŋ esi mieɖu abolo ɖi ƒo tae.—Yoh. 6:26.
Ameha aɖe si Yesu nyi la trɔ yi afi si Yesu na aboloa wo le, gake womekpɔ Yesu kple eƒe apostoloawo le afi ma o. Eya ta woɖo tɔdziʋu siwo tso Tiberia va, eye woɖo ta Kapernaum be yewoava di Yesu. (Yoh. 6:22-24) Ðe wowɔ esia kple susu be yewoasrɔ̃ nu geɖe tso Fiaɖuƒea ŋua? Ao. Ðeko wodi be Yesu nagana abolo yewo. Aleke míewɔ nya? De dzesi nu si dzɔ esi wova ke ɖe Yesu ŋu le Kapernaum. Yesu na wonya be nuɖuɖu ta koe wole ye dim ɖo. Egblɔ na wo be abolo si ‘woɖu ɖi ƒo’ la nye “nuɖuɖu si gblẽna.” Ede dzi ƒo na wo be woawɔ dɔ “ɖe nuɖuɖu si megblẽna o, si naa agbe mavɔ” la boŋ ta. (Yoh. 6:26, 27) Yesu gblɔ be ye Fofo ana nuɖuɖu ma wo. w24.12 5 ¶8-9
Fiɖa, May 8
Nunyala ƒe dzi nana eƒe nu dzea nunya eye wònana woxɔa eƒe nyawo dzi sena.—Lod. 16:23.
Be nànye nufiala nyui la, ele be nàtu wò nufiafia kple wò aɖaŋuɖoɖowo ɖe Mawu ƒe Nyaa dzi. Lé fɔ ɖe Biblia kple míaƒe agbalẽwo sɔsrɔ̃ ŋu. (Lod. 15:28) Ne èle míaƒe agbalẽwo srɔ̃m la, de dzesi ale si woɖe Ŋɔŋlɔawo me kple ale si nàwɔ wo ŋu dɔe wòaɖe vi. Ne èle nu fiam la, dze agbagba nàɖo amewo ƒe dzi gbɔ eye nàʋã wo be woalɔ̃ Yehowa awɔ ɖe eƒe mɔfiamewo dzi. Wò nufiafia agate ŋu anyo ɖe edzi ne èbiaa aɖaŋuɖoɖo tso hamemetsitsi kpɔnuteƒewo gbɔ. (1 Tim. 5:17) Ele be hamemetsitsiwo nade dzi ƒo na nɔviawo. Gake ɣeaɖewoɣi hã, ele be hamemetsitsiwo naxlɔ̃ nu nɔviawo alo agbe nya na wo gɔ̃ hã. Le wo katã me la, ele be woawɔe le tufafa me. Ne ènye hamemetsitsi si lɔ̃a nɔviawo, èfa tu eye nètua wò nufiafiawo ɖe Mawu ƒe Nyaa dzi la, ale si nèfiaa nui anyo ɖe edzi elabe èle Yesu, si nye Nufiala Gãtɔ la srɔ̃m.—Mat. 11:28-30; 2 Tim. 2:24. w24.11 24 ¶16
Memleɖa, May 9
Miɖe gbeƒã eƒe ŋutikɔkɔe le dukɔwo dome.—Ps. 96:3.
Míetsɔa ŋutikɔkɔe naa Yehowa ne míeƒoa nu nyui tso eyama ŋu. Biblia de dzi ƒo na Yehowa ƒe amewo be: “Midzi ha na Yehowa,” “mikafu eƒe ŋkɔ,” “miɖe gbeƒã eƒe xɔname ŋuti nya nyui la,” eye “miɖe gbeƒã eƒe ŋutikɔkɔe le dukɔwo dome.” (Ps. 96:1-3) Míate ŋu ato mɔ siawo katã dzi ahe ŋutikɔkɔe vɛ na mía Fofo si le dziƒo. (Dɔw. 4:29) Míawo hã míetsɔa ŋutikɔkɔe naa Yehowa ne míetsɔ míaƒe nunɔamesiwo nanɛ. Tso blema ke la, mawusubɔla vavãwo lɔ̃na faa tsɔa woƒe nunɔamesiwo kpea asi ɖe eyama subɔsubɔ ŋu. (Lod. 3:9) Le kpɔɖeŋu me, Israel-viwo dzɔ ga kple nunɔamesi bubuwo tsɔ kpe asi ɖe gbedoxɔa tutu kple beléle nɛ ŋu. (2 Fia. 12:4, 5; 1 Kron. 29:3-9) Yesu ƒe nusrɔ̃lawo hã “tsɔ woƒe nunɔamesiwo” kpe asi ɖe eya kple eƒe apostoloawo ŋu. (Luka 8:1-3) Kristotɔ siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me hã dzɔ nu tsɔ kpe asi ɖe wo nɔvi siwo ɖo hiã me la ŋu. (Dɔw. 11:27-29) Egbea, míawo hã míate ŋu ato míaƒe lɔlɔ̃nu faa nudzɔdzɔwo dzi akafu Yehowa. w25.01 4 ¶8; 5 ¶11
Kwasiɖa, May 10
Ðe ame aɖe ate ŋu axe mɔ be woaganyrɔ ame siawo ɖe tsi me . . . oa?—Dɔw. 10:47.
Nu kae kpe ɖe Kornelio ŋu wòxɔ nyɔnyrɔ? Biblia gblɔ be: “Eya kple eƒe aƒe blibo la katã vɔ̃a Mawu.” Eye wònɔa kokoƒoƒo dzi na Mawu ɣeawokatãɣi. (Dɔw. 10:2) Esi Petro gblɔ nya nyuia na Kornelio la, eya kple eƒe aƒe bliboa katã xɔ Kristo dzi se eye woxɔ nyɔnyrɔ enumake. (Dɔw. 10:47, 48) Ðikeke mele eme o be Kornelio lɔ̃ faa wɔ tɔtrɔ ɖe sia ɖe si hiã be ye kple yeƒe ƒomea yewoate ŋu asubɔ Yehowa ɖekae. (Yos. 24:15; Dɔw. 10:24, 33) Abe Saul ke enea, ɖoƒe si nɔ Kornelio si ate ŋu ana wòado taflatsɛ eye mava zu Kristotɔ o hafi. Gake mewɔe nenema o. Ðe wòahiã be nàwɔ tɔtrɔ vevi aɖewo le agbe me hafi ate ŋu axɔ nyɔnyrɔa? Ne nenemae la, Yehowa li akpe ɖe ŋuwò. Ne èɖoe kplikpaa be yeawɔ ɖe Biblia ƒe mɔfiamewo dzi ale be yeadze asubɔe la, ayra wò ɖe wò agbagbadzedzewo ta. w25.03 5 ¶12-13
Dzoɖa, May 11
Gbe alakpagli siwo medea bubu Mawu ŋu o.—1 Tim. 4:7.
Ne èse alakpanyawo tso Yehowa ƒe habɔbɔa alo nɔvi siwo le ŋgɔ xɔm ŋua, ɖo ŋku edzi be nenemae Mawu ƒe futɔwo wɔ nu ɖe Yesu kple ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo hã ŋu. Wotia mí Yehowa subɔlawo yome eye wogblɔa alakpanyawo ɖe mía ŋu abe ale si tututu Biblia gblɔe ɖi ene. (Mat. 5:11, 12) Ne míenya ame si gbɔ alakpanya mawo tso eye míewɔ nu kpata tsɔ kpɔ mía ɖokui ta la, magblẽ nu le mía ŋu o. Aleke míakpɔ mía ɖokui tae? Gbe alakpanyawo. Apostolo Paulo na mɔfiame siwo me kɔ ku ɖe nu si míawɔ ne edzɔ be míese alakpanyawo la ŋu. Egblɔ na Timoteo be ‘wòade se na ame aɖewo be woagalé to ɖe gliwo ŋu o,’ eye ‘woagbe alakpagliwo.’ (1 Tim. 1:3, 4) Míenya ame si gbɔ alakpanyawo tso, eya ta míegbea wo. Míeléa to ɖe nyateƒenya “siwo le blibo” boŋ ŋu.—2 Tim. 1:13. w24.04 11 ¶16; 13 ¶17
Braɖa, May 12
Wotsɔa aɖe ŋanɛ kple kesekukuɖɔɖɔname blea ame siwo mele vɔ̃ aɖeke susum o la ƒe dzi.—Rom. 16:18.
Yi edzi nàwɔ ɖeka kple ame siwo wɔa nuteƒe na Yehowa. Mawu di be míasubɔ ye le ɖekawɔwɔ me. Zi ale si míelé nyateƒea me ɖe asi la, míayi edzi awɔ ɖeka. Ame sia ame si tsia tre ɖe nyateƒea ŋu la dea mama hamea me, eya ta Mawu xlɔ̃ nu mí be ‘míaƒo asa na wo.’ Ne míewɔe alea o la, míava xɔ alakpanyawo dzi ase si awɔe be míagawɔ nuteƒe na Yehowa o. (Rom. 16:17) Ne míede dzesi nyateƒea eye míelé eme ɖe asi sesĩe la, mía kple Yehowa dome anɔ kplikplikpli eye míaƒe xɔse me asẽ. (Ef. 4:15, 16) Akpɔ mía ta tso Satana ƒe alakpanufiafiawo kple ameflunyawo me, eye ne xaxa gãa va la, Yehowa akpɔ mía ta be míanɔ dedie. Eya ta yi edzi nàlé nu siwo nye nyateƒe la me ɖe asi goŋgoŋ, ekema “ŋutifafa ƒe Mawu la anɔ anyi kpli [wò].”—Flp. 4:8, 9. w24.07 13 ¶16-17
Kuɖa, May 13
Eya sa vɔ zi ɖeka ɖe nu vɔ̃wo ta ɖe ɣeyiɣiawo katã nu.—Heb. 10:12.
Yesu ƒe susu nɔ ame siwo ƒe dzi bua fɔ wo le woƒe nu vɔ̃wo ta la ŋu eye wòkpe wo be woadze ye yome. Yesu nyae be Adam ƒe nu vɔ̃ koŋ gbɔe amegbetɔwo ƒe fukpekpewo tso. Eya ta ekpe ɖe ŋutsu kple nyɔnu siwo amewo buna be wonye nu vɔ̃ wɔlawo la ŋu. Edo lo sia be: “Ame siwo le lãmesẽ me la mehiã gbedala o, ke boŋ dɔnɔwoe hiãe.” Egblɔ kpee be: “Menye ame dzɔdzɔewo yɔ gee meva o, ke boŋ nu vɔ̃ wɔlawoe.” (Mat. 9:12, 13) Yesu wɔ ɖe eƒe nyawo dzi. Ewɔ nu ɖe nyɔnu si fa aɖatsi ɖe eƒe afɔwo dzi hetsɔ eƒe taɖawo tutui la ŋu le tufafa me eye wòtsɔ eƒe nu vɔ̃wo kee. (Luka 7:37-50) Efia nyateƒenya vevi aɖewo Samaria-nyɔnua le vudoa to togbɔ be enyae be nyɔnua menɔa agbe ɖɔʋu o hã. (Yoh. 4:7, 17-19, 25, 26) Mawu na ŋusẽ Yesu wòkpɔ ŋusẽ ɖe nu vɔ̃ me tsonu si nye ku gɔ̃ hã dzi. Le mɔ ka nu? Yesu fɔ ŋutsuwo, nyɔnuwo, ɖeviwo, kple ametsitsiwo siaa ɖe tsitre.—Mat. 11:5. w24.08 4 ¶9-10
Yawoɖa, May 14
Adrɔ̃ ʋɔnu anyigbadzinɔlawo le dzɔdzɔenyenye me, kple dukɔwo le nuteƒewɔwɔ me.—Ps. 96:13.
Aleke Yehowa akɔ eƒe ŋkɔa ŋu le etsɔme? Ato eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃wo dzi awɔ esia. Eteƒe madidi o, atsrɔ̃ Babilon Gã la le esi wòƒo ɖi eƒe ŋkɔ kɔkɔe la ta. (Nyaɖ. 17:5, 16; 19:1, 2) Anɔ eme be ame siwo akpɔ Babilon Gã la ƒe tsɔtsrɔ̃ teƒe dometɔ aɖewo ava wɔ ɖeka kpli mí míasubɔ Yehowa. Mlɔeba le Armagedon-ʋaa me la, Yehowa atsrɔ̃ Satana ƒe nuɖoanyi bliboa eye wòaɖe ame siwo katã tsia tre ɖe eŋu hekakaa alakpanyawo tso eŋu la hã ɖa. Gake akpɔ ame siwo katã lɔ̃e, ɖoa toe hekɔa eƒe ŋkɔa ŋu la ta. (Marko 8:38; 2 Tes. 1:6-10) Kaka dodokpɔ mamlɛa nawu enu le Kristo ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua vɔ megbe la, Yehowa akɔ eƒe ŋkɔa ŋu keŋkeŋ. (Nyaɖ. 20:7-10) Ɣemaɣi la, “Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ŋuti sidzedze axɔ anyigba la dzi, abe ale si tsi yɔ atsiaƒu mee ene.” (Hab. 2:14) Dzidzɔ ka gbegbee nye esi wòanye ne ame sia ame si le agbe tsɔa ŋutikɔkɔe si Yehowa dze na la nanɛ! w25.01 7 ¶15-16
Fiɖa, May 15
Ehiã be miado dzi elabena enye mia ɖɔɖɔɖo ƒe akpa aɖe.—Heb. 12:7.
Nu kae akpe ɖe Hebri nɔviawo ŋu be woado dzi le ɣeyiɣi sesẽ ma me? Apostolo Paulo di be yeakpe ɖe wo ŋu be woakpɔ viɖe si dona tsoa dzidodo me. Eya ta eɖe eme be Mawu ate ŋu ato nɔnɔme sesẽ siwo me tom Kristotɔwo le dzi ana hehe wo. Hehe sia akpe ɖe Kristotɔ ŋu wòatu nɔnɔme nyuiwo ɖo. Ne Hebri Kristotɔwo ƒe susu le nu nyui siwo ado tso nɔnɔme sesẽ mawo me ŋu la, anɔ bɔbɔe be woado dzi. (Heb. 12:11) Paulo xlɔ̃ nu Hebri nɔviawo be woaɖoe kplikpaa ado dzi ne wole nɔnɔme sesẽwo me tom eye woagana ta o. Paulo te ŋu ɖo aɖaŋu nyui siawo na wo elabe hafi wòava zu Kristotɔ la, eti Kristotɔwo yome, eya ta enya ale si amewo wɔa nu ɖe wo ŋu. Enya ale si woado dzi le yometiti me elabe esi wòva zu Kristotɔ la, amewo ti eya ŋutɔ hã yome.—2 Kor. 11:23-25. w24.09 12 ¶16-17
Memleɖa, May 16
Minɔ ŋudzɔ.—Mat. 25:13.
Zi ale si ŋkekeawo le yiyim la, zi nenemae gbeƒãɖeɖedɔa hiã vevie wu. Nu ka tae? Elabe ɣeyiɣiawo le vɔvɔm. Bu nya si Yesu gblɔ ɖi tso gbeƒãɖeɖedɔ si woawɔ le ŋkeke mamlɛawo me si dze le Marko 13:10 ŋu kpɔ. Le Mateo ƒe nuŋlɔɖia nua, Yesu gblɔ be woaɖe gbeƒã nya nyuia le anyigba bliboa katã dzi hafi “nuwuwu la” nava. (Mat. 24:14) Nya “nuwuwu” si wòzã le afi sia ku ɖe ale si woatsrɔ̃ Satana ƒe nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia keŋkeŋ ŋu. Yehowa ɖo ‘ŋkeke kple gaƒoƒo’ si nuɖoanyi sia awu enu ɖi xoxo. (Mat. 24:36; Dɔw. 1:7) Esi ŋua le kekem eye zã le dodom ko la, míele tetem tu ŋkeke ma. (Rom. 13:11) Eya ta ele be míayi edzi anɔ gbeƒã ɖem va se ɖe esime ŋkeke ma va. Nyabiase vevi aɖe si ŋu wòle be mí katã míade ŋugble le ye nye be: Nu ka tae míeɖea gbeƒã nya nyuia? Kpuie koa, lɔlɔ̃e ʋãa mí. Ale si míeɖea gbeƒã la ɖea ale si gbegbe míelɔ̃ nya nyuia, míelɔ̃ amewo, eye ƒo wo katã taa, míelɔ̃ Yehowa kple eƒe ŋkɔa fiana. w24.05 14-15 ¶2-3
Kwasiɖa, May 17
Mawu kpɔ nu siwo katã wòwɔ la, eye kpɔ ɖa, wonyo ŋutɔ.—1 Mose 1:31.
Dzilawo, mikpe ɖe mia viwo ŋu woade ŋugble le dzɔdzɔmenuwo ŋu. Ne wò kple viwò miele tsa ɖim le afi si atiwo kple gbe damawo le alo miele dɔ wɔm le abɔ me la, àte ŋu ahe eƒe susu ayi ale si nuwɔwɔwo nya kpɔ kple ale si woɖo atsyɔ̃e dzi. Nu ka tae? Atsyɔ̃ɖoɖo siawo nye kpeɖodzi be nunyala gã aɖee wɔ wo. Le kpɔɖeŋu me, dzɔdzɔmeŋutinunyalawo srɔ̃ nu tso ale si nuwo abe abɔbɔgo ene xatsa le ɖoɖo tɔxɛ aɖe nu la ŋu ƒe geɖe. Nu gbagbewo ŋuti nunyala Nicola Fameli ɖe eme be akɔntabubu tɔxɛ aɖe nue nu gbagbe mawo ƒomevi xatsana ɖo. Woyɔa akɔntabubu tɔxɛ ma le Eŋlisigbe me be Fibonacci sequence. Nu bubu aɖewo abe ɣletivihatsotsowo, ƒumebɔbɔgo aɖewo, kpakple aŋgba kple seƒoƒo aɖewo xatsana ɖe ɖoɖo ma nu. w24.12 16 ¶7
Dzoɖa, May 18
Eyae nye wò agbe.—5 Mose 30:20.
Enye nyateƒe be Mose, David kple Yohanes ƒe ɣeyiɣiawo kple nɔnɔmewo to vovo kura na mía tɔ egbea. Gake míeɖi wo le nanewo me. Le kpɔɖeŋu me, míesubɔa Mawu vavã la abe ale si woawo hã wowɔe ene. Abe woawo ke ene la, míedoa gbe ɖa na Yehowa, míeɖoa ŋu ɖe eŋu be wòakpe ɖe mía ŋu afia mɔ mí. Eye míeka ɖe edzi be Yehowa yraa ame siwo ɖoa toe, abe ale si ko nuteƒewɔla tsitsi mawo hã ka ɖe edzi ene. Eya ta mina míawɔ ɖe nya mamlɛ siwo ŋutsu tsitsi siawo gblɔ la dzi aɖo to Yehowa. Esia ana wòayra mí eye wòakpe ɖe mía ŋu. Míakpɔ agbe eye ‘míava nɔ agbe didi,’ ɛ̃, míanɔ agbe yi ɖe mavɔmavɔ me. Míakpɔ dzidzɔ hã elabe míenyae be míaƒe nu dze mía Fofo lɔ̃ame si le dziƒo la ŋu, eye awɔ eƒe ŋugbedodowo katã dzi wòawu ale si míele mɔ kpɔm nɛ gɔ̃ hã.—Ef. 3:20. w24.11 13 ¶20-21
Braɖa, May 19
Mawu de dɔ asi na ame vovovowo le hamea me.—1 Kor. 12:28.
Le ƒe alafa gbãtɔ mea, wotia nɔviŋutsu aɖewo wonye subɔsubɔdɔwɔlawo. (1 Tim. 3:8) Anɔ eme be woawo ŋue apostolo Paulo ƒo nu tsoe be wowɔa “kpekpeɖeŋunadɔwo.” Edze ƒãa be subɔsubɔdɔwɔlawo kpɔa dɔ vevi aɖewo gbɔ ale be hamemetsitsiwo navo ɖe nufiafia kple alẽkpɔkplɔ dɔa ŋu. Le kpɔɖeŋu me, subɔsubɔdɔwɔlawo anya kpe asi ɖe Ŋɔŋlɔawo gbugbɔgaŋlɔ kple asi kpakple dɔwɔnu siwo hiã le dɔ sia wɔwɔ me la ƒeƒle ŋu. Bu kpekpeɖeŋunadɔ siwo subɔsubɔdɔwɔlawo wɔna le miaƒe hamea me la ŋu kpɔ. (1 Pet. 4:10) Wodea dɔ wo si be woakpɔ hamea ƒe gakɔntawo, anyigbamamawo, agbalẽwo dɔdɔ na nɔviawo, nuƒomɔ̃wo kple videoɖemɔ̃wo gbɔ kpɔkpɔ, zikpui nana amewo, vavalawo xexlẽ kple beléle na Fiaɖuƒe Akpatawo ŋu nyawo gbɔ. Dɔ siawo katã hiã be nuwo nazɔ nyuie le hamea me.—1 Kor. 14:40. w24.10 19 ¶4-5
Kuɖa, May 20
Metea ŋu wɔa nuwo katã to ame si doa ŋusẽm la dzi.—Flp. 4:13.
Ne míeɖoa ŋku edzi be Yehowae nye Mawu gbagbe laa, esia akpe ɖe mía ŋu míado dzi le xaxa ɖe sia ɖe, sueawo kple gãawo siaa me. Nyateƒeae nye be eyae nye Ŋusẽkatãtɔ la, eye ate ŋu ado ŋusẽ mí míado dzi. Le susu siawo ta, ne míele nɔnɔme sesẽwo me tom hã la, míevɔ̃na o. Ne míekpɔ ale si Yehowa le kpekpem ɖe mía ŋu le xaxa suesuesuewo me la, míekana ɖe edzi be akpe ɖe mía ŋu le gãawo hã me. Bu nu eve aɖewo siwo me Fia David to si na wògaka ɖe Yehowa dzi geɖe wu ŋu kpɔ. Esime David nye ɖevi nɔ fofoa ƒe alẽwo kplɔm la, dzata kple sisiblisi va lé alẽawo. Le go evea siaa me la, dzi nɔ David ƒo wòti wo yome ɖaxɔ aleãwo le wo si. Gake David mesusui be ye ŋutɔ yeƒe ŋusẽe na yete ŋu wɔ esia o. Enya be Yehowa ye do ŋusẽ ye. (1 Sam. 17:34-37) Ɣesiaɣi si David de ŋugble le nudzɔdzɔ mawo ŋu la, dzi ɖoa eƒo eye wòkpɔnɛ be Mawu gbagbe la ayi edzi anɔ ŋusẽ dom ye. w24.06 21 ¶5-6
Yawoɖa, May 21
Ne ame aɖe ɖo nya ŋu hafi va se eŋu nyateƒenyawo la, bometsitsi kple ŋukpe wònye nɛ.—Lod. 18:13.
Tsɔe be ame aɖe kpe wò be nàva kplɔ̃ɖoƒe aɖe. Àyia? Ne mènya ame si le kpewòm la nyuie o, alo ɖoɖo siwo wòwɔ ɖe kplɔ̃ɖoɖoa ŋu o la, ke anyo be nàbia nyawo abe: “Afi kae wɔnaa ayi edzi le, eye ɣekaɣie? Ame nenie ava? Ame kae akpɔ ɖoɖoa dzi? Ame kawoe wokpe? Nu kawoe ayi edzi le afi ma? Ðe aha sesẽwo hã anɔ kplɔ̃ɖoƒea?” Ne èkpɔ ŋuɖoɖo na biabia siawo la, akpe ɖe ŋuwò nàtso nya me nyuie. Azɔ esi nènya nya veviawo vɔ la, de ŋugble le nya bliboa ŋu nyuie. Le kpɔɖeŋu me, ne èva nyae be ame siwo wokpe la dometɔ aɖewo medea bubu Biblia ƒe gɔmeɖosewo ŋu o, alo aha muamewo anɔ kplɔ̃ɖoƒea eye ame sia ame ate ŋu ano esi nu wòdi faa la, nu kae nàwɔ? Ðe nèkpɔe be ate ŋu adzɔ be amewo natu aglo wòagbɔ eme eye afɔku nanɔ kplɔ̃ɖoƒe sia tɔgbi yiyi mea? (1 Pet. 4:3) Ne èkpɔ ale si nu bliboa le yiyi gee la, akpe ɖe ŋuwò nàtso nya me nyuie. Elabe wò ŋutɔ èkpɔ nu bliboa ɖaa le susu me. w25.01 15 ¶4-5
Fiɖa, May 22
Ne miaƒe nu vɔ̃wo biã helĩhelĩ hã la, woafu abe sno ene.—Yes. 1:18.
Yehowa zã kpɔɖeŋunyagbɔgblɔwo tsɔ kpe ɖe mía ŋu míekpɔ ale si wònɔa te ɖe tafevɔsaa dzi tutua ame siwo trɔ dzi me la ƒe nu vɔ̃wo ɖa. Ne nu dzĩ ɖe ɖe awu me la, esesẽna ŋutɔ be woaɖee. Gake Yehowa to kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ sia dzi ka ɖe edzi na mí be yeate ŋu atutu míaƒe nu vɔ̃wo ɖa keŋkeŋ ale be magadze woakpɔ kura o. Nu vɔ̃wo le abe ‘fe’ siwo míenyi ene. (Mat. 6:12; Luka 11:4) Ɣesiaɣi si míewɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa ŋu la, ɖeko wòle abe míedzi míaƒe fewo ɖe edzi ene. Míenyi fe gbogbo aɖewo le eŋu. Gake ne Yehowa tsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ke mí la, ɖeko wòle abe ete fli ɖe míaƒe fewo me eye magabu wo na mí azɔ o ene. Megabiaa nu vɔ̃ siwo míewɔ ɖe eŋu la ŋuti kɔnta mí o. Yehowa ƒe tsɔtsɔke ƒe kpɔɖeŋu sia nana míaƒe dzi dzea eme ŋutɔ! w25.02 9-10 ¶9-10
Memleɖa, May 23
Menye viwoe adzra nu ɖo ɖi na wo dzilawo o, ke boŋ dzilawoe adzra nu ɖo ɖi na wo viwo.—2 Kor. 12:14.
Ne dzilawo tsi la, woahiã wo viwo ƒe kpekpeɖeŋu, eye enye dzidzɔ na ɖevi geɖe be yewoawɔ esia. (1 Tim. 5:4) Gake dzila Kristotɔwo dea dzesii be nu si ana yewoakpɔ dzidzɔ wue nye be yewoakpe ɖe yewo viwo ŋu woava subɔ Yehowa, ke menye be yewoadzi viwo kple susu be ne ɖeviawo va tsi la, woava ɖe yewo tso hiã me o. (3 Yoh. 4) Dzilawo, mito miaƒe kpɔɖeŋu nyuiwo dzi miakpe ɖe mia viwo ŋu woaka ɖe Yehowa dzi. Mikpe ɖe wo ŋu hã be ne wova tsi la, woasu te akpɔ wo ɖokuiwo dzi. Mifia wo tso ɖevime ke be woado vevie dɔ. (Lod. 29:21; Ef. 4:28) Ne wole tsitsim la, mikpe ɖe wo ŋu woawɔ dɔ nyuie le suku. Anyo be dzila Kristotɔwo naku nu me awɔ ɖe Biblia ƒe mɔfiamewo dzi ne wole kpekpem ɖe wo viwo ŋu be woatso nya me le sukudede ŋu. Esia akpe ɖe ɖeviawo ŋu be woava su te akpɔ wo ɖokui dzi eye woakpɔ ɣeyiɣi awɔ geɖe le gbeƒãɖeɖedɔa me alo ava zu mɔɖelawo gɔ̃ hã. w25.03 30-31 ¶15-16
Kwasiɖa, May 24
[Mido] amenyenye yeye . . . la.—Ef. 4:24.
Yehowa gblɔ ale si nɔnɔmeawo anɔ na ame siwo le gbɔgbɔmeparadisoa me le Yesaya ta 65 lia me. Nyagblɔɖi sia va eme zi gbãtɔ le ƒe 537 D.Y. me. Ɣemaɣie woɖe asi le Yudatɔ siwo trɔ dzi me la ŋu le aboyo me le Babilon wotrɔ gbɔ va wo denyigba dzi. Yehowa yra eƒe amewo, eye wòkpe ɖe wo ŋu be wogbugbɔ Yerusalem si wogbã gudugudu la tso wònya kpɔ. Ena wogbugbɔ gbedoxɔa hã tu be woagaɖo tadedeagu dzadzɛa anyi ake. (Yes. 51:11; Zak. 8:3) Yesaya ƒe nyagblɔɖia va eme zi evelia tso ƒe 1919 K.Ŋ. me. Ɣemaɣie Yehowa subɔla siwo li egbea do tso Babilon Gã la ƒe aboyo me. Tso ɣemaɣia, gbɔgbɔmeparadisoa te takeke ɖe anyigba bliboa dzi. Fiaɖuƒe gbeƒãɖela dovevienuwo ɖo hame geɖewo, eye wonɔ gbɔgbɔa ƒe ku tsem. Ame siwo si nɔnɔme vloewo nɔ tsã la va do “amenyenye yeye si wowɔ le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu nu.” w24.04 20-21 ¶3-4
Dzoɖa, May 25
Ame sia ame atsɔ eya ŋutɔ ƒe agba.—Gal. 6:5.
Le dukɔ aɖewo me la, wokpɔa mɔ be dzilawo alo ame tsitsi bubu aɖe natia ame si asɔ la na wo viwo alo woƒe ƒometɔ bubuwo woaɖe. Le dukɔ bubu aɖewo hã me la, ƒometɔwo alo xɔlɔ̃wo dia ame si wokpɔ be asɔ na yewo vi aɖe alo yewoƒe ƒometɔ aɖe, eye wowɔa ɖoɖo wo ame evea wova doa go be woakpɔe ɖa be yewosɔ na yewo nɔewo hã. Ne wobia tso asiwò be nàwɔ ɖoɖo sia tɔgbi la, bu wo ame evea ƒe hiahiãwo kple nu siwo wodi ŋu. Ne èke ɖe ame aɖe si nèsusu be asɔ nɛ ŋu la, dze agbagba nànya nu geɖe tso ame si ƒomevi wònye, eƒe nɔnɔmewo, kple vevietɔ wu la, ale si gbegbe wòlɔ̃ Yehowae ŋu. Nu si le vevie wue nye ƒomedodo si le eya kple Yehowa dome, ke menye ga, sukudede, alo ŋkɔxɔxɔ o. Azɔ ɖo ŋku edzi hã be nɔviŋutsua kple nɔvinyɔnua ŋutɔe atso nya me nenye be woaɖe wo nɔewo alo womaɖe wo nɔewo o. w24.05 23 ¶11
Braɖa, May 26
Xɔlɔ̃ vavã lɔ̃a ame ɣeawokatãɣi.—Lod. 17:17.
Nu si míate ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe ame siwo le zɔzɔm do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe ŋue nye be, míanya nya siwo míagblɔ kple esiwo mele be míagblɔ o. Ɣeaɖewoɣia, ele be míaɖu mía ɖokui dzi ade ga míaƒe aɖe. (Lod. 12:18) Le kpɔɖeŋu me, ne míeva nya be nɔvi eve aɖewo te zɔzɔa, ate ŋu adzro mí be míagblɔe na amewo, gake ɖewohĩ woawo ŋutɔwo woadi be yewoagblɔe na amewo le ɣeyiɣi si sɔ dzi. Mele be míanɔ woƒe zɔzɔa ŋu nya kakam alo anɔ míaƒe susu zim ɖe wo dzi o. (Lod. 20:19; Rom. 14:10; 1 Tes. 4:11) Azɔ hã, mele be míaƒe nyagbɔgblɔ alo nyabiasewo nana woase le wo ɖokui me be míele eƒom ɖe yewo nu be yewoaɖe yewo nɔewo godoo o. Ke ne ame siwo le zɔzɔm do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe tso nya me be yewoasee ɖe afi ma ɖe? Ne edzɔ alea, mele be míanɔ ŋku kem ɖe nyaa me alo ade akpa aɖe dzi o. (1 Pet. 4:15) Ne ame eve tso nya me be yewoadzudzɔ zɔzɔa, megawɔ na mí be ɖe wodo kpo nu o. Zi geɖea, nu si wòfia koe nye be woƒe zɔzɔa ɖo taɖodzinua gbɔ; ekpe ɖe wo ŋu wotso nya me nyuie. Togbɔ be ele alea hã, ate ŋu ate ɖe wo dzi be nuwo va yi nenema. Eya ta ele be míawɔ nu si míate ŋui akpe ɖe wo ŋu. w24.05 31 ¶15-16
Kuɖa, May 27
Ne dzi ɖe le ƒowò le xaxagbe la, ekema wò ŋusẽ dzi aɖe kpɔtɔ.—Lod. 24:10.
Nɔnɔme sesẽ siwo ate ŋu ana dzi naɖe le mía ƒo vevie dometɔ ɖekae nye, ne míaƒe ƒometɔ alo xɔlɔ̃ kplikplikpli aɖe do le nyateƒea me. (Ps. 78:40) Zi ale si nèlɔ̃ amea vevie la, zi nenemae wòasesẽ na wò be nàdo dzi le nɔnɔme ma me. Ne nu ma tɔgbi gbã dzi na wò kpɔ la, Zadok ƒe kpɔɖeŋua ate ŋu ade dzi ƒo na wò. Eyi edzi wɔ nuteƒe na Yehowa esime exɔlɔ̃ kplikplikpli Abiatar ya dzudzɔ nuteƒewɔwɔ. Esia dzɔ esime Fia David nɔ kuba dzi. Via Adoniya dze agbagba be yeaɖo ye ɖokui fia, evɔ Salomoe Yehowa tia be wòazu fia. (1 Kron. 22:9, 10) Abiatar tiae be yeada megbe na Adoniya. (1 Fia. 1:5-8) Ƒe geɖee nye ema Zadok kple Abiatar wɔ nunɔladɔa asi le asi me, eya ta nu si Abiatar wɔa nye nuteƒemawɔmawɔ na David kple Zadok kpakple Yehowa siaa!—2 Sam. 8:17; 15:29; 19:11-14. w24.07 6 ¶14-15
Yawoɖa, May 28
Dzidzɔtɔe nye ame si nɔa ŋudzɔ ɣeawokatãɣi.—Lod. 28:14.
Míate ŋu aka ɖe edzi be ne míeyi edzi le ŋudzɔ ɖe tetekpɔwo ŋu la, aɖe vi na mí. Yehowa ƒe nudidi dzɔdzɔeawo dzi wɔwɔe ana míakpɔ dzidzɔ geɖe wu le agbe me, ke menye “nu vɔ̃ ƒe vivi si nɔa anyi ɣeyiɣi kpui aɖe ko” ye o. (Heb. 11:25; Ps. 19:8) Elabe Yehowa wɔ mí ɖe eƒe nɔnɔme nu ale be míate ŋu anɔ agbe wòadze eŋu. (1 Mose 1:27) Ne míewɔe alea la, dzitsinya nyui asu mía si eye míava anɔ agbe tegbee. (1 Tim. 6:12; 2 Tim. 1:3; Yuda 20, 21) Nyateƒee, ‘ŋutilãa gbɔdzɔ.’ (Mat. 26:41) Gake esia mefia be wɔna aɖeke mele mía ŋu o. Yehowa le klalo ɣesiaɣi be yeana ŋusẽ si míehiã la mí. (2 Kor. 4:7) De dzesii be ŋusẽ si Mawu nana la nye esi gbɔ dzɔdzɔmetɔ ŋu. Gake ele be míawo ŋutɔwo hã míado ŋusẽ nu gbe sia gbe be míaɖu tetekpɔwo dzi. Yehowa hã aɖo míaƒe gbedodoɖawo ŋu eye wòana ŋusẽ geɖe wu mí. (1 Kor. 10:13) Ɛ̃, Yehowa akpe ɖe mía ŋu be míanɔ ŋudzɔ ɖe tetekpɔwo ŋu ɣeawokatãɣi. w24.07 19 ¶19-21
Fiɖa, May 29
Ka mo na ame siwo tsɔ nu vɔ̃ wɔwɔ ɖo dɔe la le amewo katã ŋkume.—1 Tim. 5:20.
Apostolo Paulo gblɔ nya siwo dze le egbe ƒe mawunyakpukpuia me na nɔvia hamemetsitsi Timoteo be wòagbe nya na “ame siwo tsɔ nu vɔ̃ wɔwɔ ɖo dɔe la le amewo katã ŋkume.” Ðe eƒe nyawo fia be ɣesiaɣi si ame aɖe wɔ nu vɔ̃ ko la, woagbe nya nɛ le hame bliboa ŋkumea? Ao. Nya “amewo katã ŋkume” mefia hame bliboa kokoko o. Ate ŋu afia ame ʋɛ siwo ɖewohĩ wonya nu tso nu vɔ̃a ŋu xoxo, ame siwo kpɔ eteƒe, alo ame siwo nu gbegblẽ wɔlaa ŋutɔ gblɔ nyawo na. Hamemetsitsiawo atsɔ aɖaŋudzedze aɖe eme na ame siawo be wokpɔ nyaa gbɔ eye woɖɔ nu vɔ̃ wɔlaa ɖo. Le nɔnɔme aɖewo mea, anɔ eme be hame bliboa nya nu tso nu si dzɔ la ŋu alo woava nya nu tso eŋu. Ne edzɔ alea, ke “amewo katã ŋkume” va nyea hame bliboa. Eya ta hamemetsitsiawo dometɔ ɖeka aɖe gbeƒãe na hame bliboa be wogbe nya na asimasi. Nu ka tae? Paulo na eme kɔ be “ne ame mamlɛawo” nasrɔ̃ nu tso eme ale be woagadze nu vɔ̃ me o. w24.08 24 ¶16-17
Memleɖa, May 30
Nya siawo nye Mawu ƒe nya vavãwo.—Nyaɖ. 19:9.
Ele be míayi edzi ado vevie nu le Yehowa subɔsubɔ me va se ɖe nuwuwu. Ele be amesiaminawo nanɔ ŋudzɔ ale be Yesu ‘nakplɔ’ wo ayi dziƒo. (Mat. 24:40) Amesiaminawo le mɔ kpɔm vevie na ɣeyiɣi si me ‘woaƒo wo nu ƒu’ ɖe Yesu gbɔ le dziƒo. Le Armagedon-ʋaa megbea, woanye Yesu ƒe ŋugbetɔ le Alẽvi la ƒe srɔ̃ɖeɖe la me. (2 Tes. 2:1) Togbɔ be ʋɔnudrɔ̃ŋkekea le aƒe tum hã la, mele be míavɔ̃ kura o. Ne míeyi edzi wɔ nuteƒe la, mía Fofo si le dziƒo ana “ŋusẽ si gbɔ dzɔdzɔmetɔ ŋu la” mí ale be míate ŋu “atsi tsitre ɖe Amegbetɔvi la ŋkume.” (2 Kor. 4:7; Luka 21:36) Eɖanye dziƒoyiyi alo anyigbadzinɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔe le mía si o, ne míewɔ ɖe nuxlɔ̃ame siwo le Yesu ƒe lododoawo me dzi la, míaƒe nu adze mía Fofo la ŋu. Le Yehowa ƒe amenuveve mea, ‘woaŋlɔ míaƒe ŋkɔ ɖe agbegbalẽ la me.’—Dan. 12:1; Nyaɖ. 3:5. w24.09 25 ¶19-20
Kwasiɖa, May 31
Enyo nam be mate ɖe Mawu ŋu.—Ps. 73:28.
Wò hã àte ŋu awɔ nu si hakpalaa wɔ be wò susu me nadze akɔ anyi. Aleke nàwɔe? Bu yayra siwo su asiwò xoxo kple esiwo nàva kpɔ le etsɔme le Yehowa subɔsubɔ ta ŋu kpɔ. Azɔ tsɔe sɔ kple ale si nuwo ava wu enu na ame siwo mesubɔa Yehowa o. Woawo ya woƒe mɔkpɔkpɔ katã koe nye nu si asu wo si le xexe sia me, eya ta nu mawo ŋue woɖoa ŋu ɖo. Gake wò ya mɔkpɔkpɔ vavãe la asiwò. Yehowa do ŋugbe na wò be le etsɔme la, yeana nànɔ agbe tegbee eye naneke mahiã wò o. (Ps. 145:16) Azɔ bu nya sia hã ŋu kpɔ: Ne ɖe mètso nya me be yeasubɔ Yehowa o la, aleke nèsusu be nuwo anɔ na ye fifia? Nyateƒenya si ŋu kakaɖedzi lee nye esi: Ame siwo lɔ̃ faa tsɔ nanewo sa vɔe le esi wolɔ̃ Mawu kple wo haviwo ta la, nu nyui aɖeke mato wo ŋu gbeɖe o. w24.10 27 ¶12-13