INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • es26 axa 17-26
  • February

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • February
  • Ŋɔŋlɔawo Me Dzodzro Gbe Sia Gbe—2026
  • Tanya Suewo
  • Kwasiɖa, February 1
  • Dzoɖa, February 2
  • Braɖa, February 3
  • Kuɖa, February 4
  • Yawoɖa, February 5
  • Fiɖa, February 6
  • Memleɖa, February 7
  • Kwasiɖa, February 8
  • Dzoɖa, February 9
  • Braɖa, February 10
  • Kuɖa, February 11
  • Yawoɖa, February 12
  • Fiɖa, February 13
  • Memleɖa, February 14
  • Kwasiɖa, February 15
  • Dzoɖa, February 16
  • Braɖa, February 17
  • Kuɖa, February 18
  • Yawoɖa, February 19
  • Fiɖa, February 20
  • Memleɖa, February 21
  • Kwasiɖa, February 22
  • Dzoɖa, February 23
  • Braɖa, February 24
  • Kuɖa, February 25
  • Yawoɖa, February 26
  • Fiɖa, February 27
  • Memleɖa, February 28
Ŋɔŋlɔawo Me Dzodzro Gbe Sia Gbe—2026
es26 axa 17-26

February

Kwasiɖa, February 1

Bubu wònye na ame be wòaƒo asa na dzre, ke bometsila ɖe sia ɖe ƒoa eɖokui ɖe eme.—Lod. 20:3.

Nɔviŋutsu siwo ɖea Kristotɔwo ƒe nɔnɔmewo fiana la nye yayra na hamea. Ele be nɔviŋutsu si di be yeanye hamemetsitsi la nanye nugɔmesela. Nugɔmesela doa ŋutifafa ɖe ŋgɔ. Ne èdi be woanya ye be yesea nu gɔme la, ke ɖo to amewo nàdze agbagba ase woƒe susuwo gɔme. Tsɔe be ènye hamemetsitsi eye miele hamemetsitsiwo ƒe kpekpe. Ðe nàlɔ̃ faa ada asi ɖe ame akpa gãtɔ ƒe susu dzi nenye be esia metsi tre ɖe Biblia ƒe se alo gɔmeɖose aɖeke ŋu oa? Mègate tɔ ɖe edzi be woawɔ nu ale si yedi o. Lɔ̃ nàse ame bubuwo ƒe susuwo. Eya ta ɖokuiŋudzela madze anye hamemetsitsi o. (1 Mose 13:​8, 9; Lod. 15:22) Mele be hamemetsitsi nanye ame si ƒe nya me sẽ alo ame si melɔ̃na ɖe amewo ƒe susu dzi o, ke boŋ wòafa tu eye wòawɔ nu ɖe amewo ŋu nyuie. Esi hamemetsitsi nye ame si wɔa ŋutifafa ta la, aɖe afɔ siwo ahe ŋutifafa vɛ le nɔnɔme sesẽwo gɔ̃ hã me. (Yak. 3:​17, 18) Ne wò nyawo dzea to la, ate ŋu awɔe be amewo, tsitretsiɖeŋulawo gɔ̃ hã, ƒe nɔnɔme natrɔ.—Ʋɔn. 8:​1-3; Lod. 25:15; Mat. 5:​23, 24. w24.11 23 ¶13

Dzoɖa, February 2

[Adɔ] mawudɔlawo ɖa wòaƒo eƒe ame tiatiawo nu ƒu tso anyigba ƒe dzogoe eneawo dzi, tso keke anyigba ƒe seƒe va se ɖe dziƒo ƒe seƒe ke.—Marko 13:27.

Togbɔ be Kristo ku “zi ɖeka ɖe ɣeyiɣiawo katã nu” hã la, eyi edzi gale nu geɖe wɔm na mí. (Rom. 6:10) Nu kawo wɔmee wòle? Ekpɔtɔ le dɔ wɔm vevie be viɖe siwo le tafea ŋu la nasu mía si. Le kpɔɖeŋu me, ele fia ɖum, enye míaƒe Nunɔlagã kple hamea ƒe ta. (1 Kor. 15:25; Ef. 5:23; Heb. 2:17) Ele amesiaminawo kple ameha gã la nu ƒom ƒu, eye awu dɔ vevi sia nu hafi xaxa gã la nawu enu. (Mat. 25:32) Etoa kluvi nuteƒewɔla la dzi kpɔa egbɔ be nu sia nu si míehiã be míate ŋu asubɔ Yehowa nuteƒewɔwɔtɔe la su mía si. (Mat. 24:45) Eye Yesu ayi edzi awɔ nu siwo aɖe vi na mí le Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua me. Yehowa tsɔ Via na ɖe mía ta vavã! w25.01 24 ¶12

Braɖa, February 3

Nunana faa wònye be woto tafe si Kristo Yesu xe la dzi na ablɔɖe wo, eye wobu wo be wole dzɔdzɔe le eƒe amenuveve me.—Rom. 3:24.

Yehowa tsɔ kena keŋkeŋ eye mehea to na mí ɖe nu vɔ̃ mawo ke ta o. Esia wɔnɛ be mía kple mía Fofo si le dziƒo la dome gava nɔa kplikplikpli. Gake ele be míaɖo ŋku edzi be nunanae tsɔtsɔke vavãtɔ nye. Yehowa ƒe lɔlɔ̃ kple amenuvevee wɔe be wòlɔ̃na faa tsɔa míaƒe nu vɔ̃wo kea mí, ke menye ɖe míedze nɛ tae o. Ele be dzi nadzɔ mía dometɔ ɖe sia ɖe be “tsɔtsɔke vavãtɔ” tso Yehowa Mawu gbɔ, eye míanɔ akpe dam nɛ ɖe eta. (Ps. 130:4; Rom. 4:8) Ke hã ne míedi be Yehowa natsɔ ake mí la, ele be míawɔ nu vevi aɖe. Yesu gblɔ be: “Ne mietsɔa amewo ƒe vodadawo kea wo o la, mia Fofo hã matsɔ miaƒe vodadawo ake mi o.” (Mat. 6:​14, 15) Eya ta, ele vevie be míasrɔ̃ Yehowa atsɔ ake amewo. w25.02 13 ¶18-19

Kuɖa, February 4

Tsitretsitsi li na ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔwo siaa.—Dɔw. 24:15.

Bu Sodom kple Gomora tɔwo ŋu kpɔ. Ame dzɔdzɔe si ŋkɔe nye Lot nɔ du ma me. Gake ɖe míenya ne Lot ɖe gbeƒã na wo katã? Ao, míenya o. Wo vɔ̃ɖi ya, gake ɖe wo dometɔ ɖe sia ɖe nya nyui kple vɔ̃a? Ðo ŋku edzi be ameha aɖewo va be yewoadɔ Lot ƒe amedzrowo gbɔ sesẽe. Biblia gblɔ be ame siwo va la “tso ŋutsuviwo dzi va se ɖe amegãɖeɖiwo dzi.” (1 Mose 19:4; 2 Pet. 2:7) Ðe míate ŋu agblɔe kple kakaɖedzi be Yehowa, Mawu nublanuikpɔla, atso nya me be yemafɔ ame mawo dometɔ aɖeke ɖe tsitre oa? Nya lae nye be ame dzɔdzɔe siwo le dua me la mede ewo gɔ̃ hã o. (1 Mose 18:32) Eya ta ame madzɔmadzɔwoe wonye, eye Yehowa tɔ dzɔ be wòtsrɔ̃ wo. Gake ɖe míate ŋu anɔ te ɖe ema dzi agblɔ be, womafɔ wo dometɔ aɖeke ɖe tsitre, ne wole “ame madzɔmadzɔwo” fɔm ɖe tsitre oa? Míate ŋu agblɔe kple kakaɖedzi o! w24.05 2 ¶3; 3 ¶8

Yawoɖa, February 5

Miyi edzi mianɔ Fiaɖuƒe la kple Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye dim gbã, eye woatsɔ nu bubu siawo katã akpe ɖe eŋuti na mi.—Mat. 6:33.

Ganyawo ƒe sesẽ wɔe be ame aɖewo lɔ̃ xɔ dɔ si wɔe be wodzo le woƒe ƒomewo gbɔ, gake wo dometɔ geɖe va de dzesii be nyametsotso gbegblẽe wònye yewowɔ. Hafi nàlɔ̃ axɔ dɔ aɖe la, menye ga si nàkpɔ tso eme ko ŋue wòle be nàbu o. Nu vevitɔ si ŋu wòle be nàbue nye ale si wòakpɔ ŋusẽ ɖe wò kple wò ƒomea kple Yehowa dome ƒomedodoa dzi. (Luka 14:28) Bia ɖokuiwò be: ‘Nu kae adzɔ ɖe míaƒe srɔ̃ɖeɖea dzi ne meʋu dzo? Ne meʋua, ɖe mate ŋu anɔ kpekpeawo katã dem, anɔ gbeadzi yim ahakpɔ ɣeyiɣi anɔ ha dem kple nɔviawoa?’ Ne viwo le asiwò la, ke ele be nàbu biabia vevi sia hã ŋu: ‘Aleke mate ŋu ahe vinyewo le “Yehowa ƒe amehehe kple nuxɔxlɔ̃ me” ne nyemele wo gbɔ o?’ (Ef. 6:4) Na Ŋɔŋlɔawo nafia mɔ wò, ke menye ƒometɔ kple xɔlɔ̃ siwo metsia dzi ɖe Biblia ƒe mɔfiamewo dzi wɔwɔ ŋu o. w25.03 29 ¶12

Fiɖa, February 6

Míaganye ɖeviwo . . . o.—Ef. 4:14.

Ele bɔbɔe be Kristotɔ si kpɔtɔ nye vidzĩ eye wògbe tsitsi le gbɔgbɔ me naxɔ “amewo ƒe beble” kple “amefuflu ayetɔe” dzi ase. Nenema kee wòle bɔbɔe be wòaxɔ xɔsegbelawo ƒe alakpanyawo kple amewo ƒe wobewobewo dzi ase. Azɔ hã, ate ŋu ava nɔ ŋu ʋãm amewo, anɔ mama dem amewo me, alo wòanɔ dziku dom kabakaba, eye ne wotee kpɔ la, ate ŋu awɔ nu gbegblẽ bɔbɔe. (1 Kor. 3:3) Ŋɔŋlɔawo tsɔ ale si ame tsina le gbɔgbɔ me sɔ kple ale si míetsina le ŋutilã me. (Ef. 4:15) Ðeviwo menya nu geɖe o, eya ta ehiã be ŋku nanɔ wo ŋu. Le kpɔɖeŋu me, ahiã be vidada nalé via ƒe asi akplɔe atso ʋumɔ me. Ne ɖevia le tsitsim la, vidadaa ate ŋu aɖe mɔ nɛ be eya ɖeka natso mɔa me, gake aɖo ŋku edzi nɛ be wòakpɔ ɖusi kple miame nyuie hafi atso mɔa me. Ne ɖevia va zu ame tsitsi la, eya ŋutɔ nya nu si wòawɔ ne ele mɔ me tsom ale be wòanɔ dedie. Nenema kee ne Kristotɔ va tsi le gbɔgbɔ mea, eya ŋutɔ dea ŋugble le Biblia me gɔmeɖosewo ŋu be yeanya Yehowa ƒe susu le nyaa ŋu hafi atso nya me. w24.04 3 ¶5-6

Memleɖa, February 7

O Yehowa, ame kae adze wò agbadɔ me?—Ps. 15:1.

Ƒe gbogbo aɖewo va yi la, Yesu kple mawudɔla siwo le dziƒo koe nɔ Yehowa ƒe agbadɔ me. Emegbe ekeke eƒe agbadɔa ɖe enu be amegbetɔwo hã nanɔ eme le anyigba dzi. Ame siwo nɔ eme la dometɔ aɖewoe nye Enok, Noa, Abraham kple Hiob. Biblia ɖɔ mawusubɔla mawo be wonye Mawu xɔlɔ̃wo, alo ame siwo zɔ “kple Mawu vavã la.” (1 Mose 5:24; 6:9; Hiob 29:4; Yes. 41:8) Esi ƒeawo va nɔ yiyim la, Yehowa yi edzi nɔ exɔlɔ̃wo kpem be woava nɔ yeƒe agbadɔa me. (Eze. 37:​26, 27) Le kpɔɖeŋu me, míesrɔ̃e le Ezekiel ƒe nyagblɔɖia me be Mawu di be kadodo kplikplikpli nanɔ ye kple ye subɔla wɔnuteƒewo dome. Edo ŋugbe be yeabla “ŋutifafanu kpli wo.” Nyagblɔɖi ma ƒo nu tso ɣeyiɣi si me Yehowa subɔla siwo le mɔ kpɔm be yewoayi dziƒo kple esiwo le mɔ kpɔm be yewoanɔ anyigba dzi la awɔ ɖeka le eƒe kpɔɖeŋugbadɔ me eye woanye “alẽha ɖeka.” (Yoh. 10:16) Ɣeyiɣi ma mee míele fifia! w24.06 2-3 ¶2, 4-5

Kwasiɖa, February 8

Dzi ɖo mía ƒo to mía Mawu ƒe kpekpeɖeŋu me.—1 Tes. 2:2.

Esi míenye Yehowa subɔlawo ta la, míedea Mawu Fiaɖuƒea dzi bliboe, gake zi geɖe la, esia biaa dzinɔameƒo. (Mat. 6:33) Le kpɔɖeŋu me, le xexe vɔ̃ɖi sia me la, ehĩa be dzi nanɔ mía ƒo be míate ŋu anɔ agbe ɖe Yehowa ƒe nudidiwo nu eye míaɖe gbeƒã Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia. Dunyahehe le mama dem amewo dome fifia wu tsã, eya ta ehiã be dzi nanɔ mía ƒo be míagade akpa aɖeke dzi o. (Yoh. 18:36) Ganyawo va sesẽ na Yehowa subɔla geɖe, wowɔ funyafunya wo dometɔ aɖewo alo de wo gaxɔ me le esi wogbe be yewomade nu dunya me alo awɔ asrafodɔ o ta. Ne míede ŋugble le ame siwo ƒo dzi nɔ wowɔ nuteƒe na Yehowa kple eƒe Fiaɖuƒea ƒe kpɔɖeŋuwo ŋu la, edoa ŋusẽ mí eye dzi ɖoa mía ƒo. Esi míaƒe Fia, Kristo Yesu nɔ anyigba dzi la, egbe gbidii be yemade nu Satana ƒe xexea ƒe dunyahehe aɖeke me o. (Mat. 4:​8-11; Yoh. 6:​14, 15) Eɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu ɣesiaɣi be wòado ŋusẽ ye be yeawɔ nu si sɔ. w24.07 2 ¶4; 3 ¶7

Dzoɖa, February 9

[Egbe] eƒe tsetse la ƒe ɖe heɖu. Emegbe esi srɔ̃a va egbɔ la, ena ɖe eya hã wòɖu.—1 Mose 3:6.

Yehowa na woŋlɔ nudzɔdzɔ wɔnublanui ma ɖe Biblia me na mí. Esia kpe ɖe mía ŋu míekpɔ nu si tae wòlé fu nu vɔ̃ vevie ɖo. Nu vɔ̃ tea mí ɖa tso mía Fofo lɔ̃amea gbɔ eye wòkplɔa ame yia ku me. (Yes. 59:2) Satana nya esia nyuie. Ema tae wòlɔ̃ nu vɔ̃ hele nu vɔ̃ dom ɖe ŋgɔ be yeatsɔ agblẽ mía kple Yehowa dome ɖo. Anya nɔ susum be yeɖu dzi le Eden-bɔa me. Gake menya ale si gbegbe Yehowa ƒe lɔlɔ̃ de toe o. Mawu metrɔ tame si wòɖo ɖe Adam kple Xawa ƒe dzidzimeviwo ya ŋu o. Elɔ̃ ameƒomea vevie, eya ta ewɔ ɖoɖo enumake tsɔ na mɔkpɔkpɔ mí katã. (Rom. 8:​20, 21) Yehowa nya be Adam kple Xawa ƒe dzidzimevi aɖewo alɔ̃ ye eye woadi be wòakpe ɖe yewo ŋu yewoawɔ avu kple nu vɔ̃. Eye esi wònye Yehowae nye mía Fofo kple mía Wɔla ta la, ewɔ ɖoɖo na mí be míate ɖe ye ŋu ne míavo tso nu vɔ̃ kple ku si me. w24.08 3 ¶3-4

Braɖa, February 10

Miakpɔ nu siwo le vevie wu la adze sii.—Flp. 1:10.

Vovo menɔa mí Yehowa subɔlawo ŋu kura o. Míewɔa dɔ kpɔa mía ŋutɔwo kple míaƒe ƒomea ƒe nuhiahiãwo gbɔ. (1 Tim. 5:8) Nɔvi geɖe le wo dzila tsitsiwo alo esiwo dze dɔ la dzi kpɔm. Eye ehiã be míalé be na mía ɖokui ale be míanɔ lãmesẽ me. Esiawo katã xɔa ɣeyiɣi. Gake mese ɖe afi ma o, hamea ƒe dɔwo hã le mía dzi. Míaƒe agbanɔamedzi vevi hãe nye be míado vevie gbeƒãɖeɖedɔa. Biblia xexlẽ ye nye “nu siwo le vevie wu” la dometɔ ɖeka na mí Kristotɔwo. Eya ta mele be wòato mía ŋu o. Psalmo 1:​1, 2 gblɔ tso dzidzɔtɔ ŋu be ekpɔa “dzidzɔ ɖe Yehowa ƒe se la ŋu, eye wòxlẽa eƒe se la kple gbe blewu zã kple keli.” Ŋɔŋlɔ sia na eme kɔ be ele be míaɖo ɣeyiɣi ɖi koŋ na nusɔsrɔ̃. Ɣekaɣie nye ɣeyiɣi nyuitɔ si wòle be míaxlẽ Biblia? Ame sia ame kple ɣeyiɣi si asɔ nɛ. Kpuie ko la, ele be wòanye ɣeyiɣi si nàte ŋu anɔ ewɔm edziedzi. w24.09 3 ¶5-6

Kuɖa, February 11

Ame sia ame atsɔ eya ŋutɔ ƒe agba.—Gal. 6:5.

Ðe wòate ŋu adzɔ be Kristotɔ si tsi le gbɔgbɔ me nahiã ame aɖe ƒe kpekpeɖeŋua? Ɛ̃. Kristotɔ siwo tsi le gbɔgbɔ me ate ŋu abia kpekpeɖeŋu ɣeaɖewoɣi. Kristotɔ si metsi le gbɔgbɔ me o ate ŋu anɔ mɔ kpɔm be amewo nagblɔ nu si yeawɔ la na ye alo be woatso nya me na ye gɔ̃ hã. Togbɔ be Kristotɔ si tsi le gbɔgbɔ me abia Kristotɔ tsitsi bubuwo ƒe susu hã la, eɖoa ŋku edzi be Yehowa di tso ye si be ‘ye ŋutɔ yeatsɔ yeƒe agba.’ Ale si ko ame tsitsiwo ƒe dzedzeme le vovovo la, nenema kee ale si Kristotɔ siwo tsi le gbɔgbɔ me ɖea mawumenɔnɔmewo fiana hã le vovovo. Le kpɔɖeŋu me, ale si woɖea nɔnɔmewo abe nunya, dzinɔameƒo, dɔmenyonyo kple veveseseɖeamenu fianae la le vovovo. Ne Kristotɔ eve siwo tsi le gbɔgbɔ me do go nɔnɔme ɖeka ma tɔgbi la, nu si wo dometɔ ɖe sia ɖe atia be yeawɔ ate ŋu ato vovo gake wòasɔ le Ŋɔŋlɔawo nu. Nyametsotsoawo tea ŋu toa vovo le woƒe dzitsinyawo ta. Esi esia le nyanya na wo ta la, womedrɔ̃a ʋɔnu wo nɔewo le vovototoawo ta o. Ke boŋ woƒe susu nɔa nu siwo ana woawɔ ɖeka ŋu.—Rom. 14:10; 1 Kor. 1:10. w24.04 4 ¶7-8

Yawoɖa, February 12

Ne metsi dzodzodzoe akpa la, èfaa akɔ nam henana mekpɔa gbɔdzɔe.—Ps. 94:19.

Ne èsena le ɖokuiwò me be yemele ɖeke me o la, nu kae nàte ŋu awɔ? Xlẽ mawunyakpukpui siwo akpe ɖe ŋuwò nàka ɖe edzi be Yehowa dea asixɔxɔ ŋuwò eye nànɔ ŋugble dem le wo ŋu. Ne mète ŋu ɖo wò taɖodzinu aɖe gbɔ o alo mètea ŋu wɔa geɖe abe ame bubuwo ene o si na dzi ɖe le ƒowò la, mègasusu be yedo kpo nu o. Yehowa mebiaa nu siwo gbɔ míaƒe ŋutete ŋu la tso mía si o. (Ps. 103:​13, 14) Ne ame aɖe wɔ ŋutasẽnu ɖe ŋuwò va yia, mègabu fɔ ɖokuiwò ɖe nu si wòwɔa ta o. Mesɔ be wòawɔ nu ma ɖe ŋuwò kura hafi o! Ðo ŋku edzi be nu gbegblẽ wɔlawoe Yehowa ahe to na, ke menye ame siwo ŋu wowɔ nu gbegblẽa ɖo o. (1 Pet. 3:12) Le nyateƒe me la, Yehowa ate ŋu azã wò nàkpe ɖe ame bubuwo ŋu. Ede bubu ŋuwò eye wòna nèva nye eƒe hadɔwɔla le gbeƒãɖeɖedɔa me. (1 Kor. 3:9) Anɔ eme be nu siwo me nèto le agbe me la na nèsea veve ɖe amewo nu hesea nu gɔme na wo geɖe wu. Eya ta àte ŋu akpe ɖe ame siwo hã le nɔnɔme sesẽwo me tom la ŋu. w24.10 7-8 ¶6-7

Fiɖa, February 13

Ðe Mawu mana woadrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe na eƒe ame tiatia siwo le ɣli dom nɛ zã kple keli, esi wògbɔ dzi ɖi blewu na wo oa? Mele egblɔm na mi be, ana woadrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe na wo kaba.—Luka 18:​7, 8.

Yehowa di be woawɔ nu ɖe mía ŋu nyuie eye edea dzesii ne amewo wɔ nu tovo ɖe mía ŋu. “Yehowa lɔ̃a nya dzɔdzɔe.” (Ps. 37:28) Yesu ka ɖe edzi na mí be Yehowa “ana woadrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe . . . kaba” ne ɣeyiɣia nya de ko. Eteƒe madidi o, aɖe míaƒe fukpekpewo katã ɖa eye magaɖe mɔ gbeɖe be woawɔ nu madzɔmadzɔ ɖe mía ŋu o. (Ps. 72:​1, 2) Ahiã be míalala va se ɖe esime Yehowa naɖe míaƒe kuxiwo katã ɖa. Fifia gɔ̃ hã ekpena ɖe mía ŋu be míado dzi ne amewo wɔ nu tovo ɖe mía ŋu. (2 Pet. 3:13) Efiaa ale si míawɔ nu le nunya me ne wowɔ nu madzɔmadzɔ ɖe mía ŋu la mí. Yehowa to Via Yesu dzi ɖo kpɔɖeŋu deblibo na mí ale be míanya ale si míawɔ nui ne amewo mewɔ nu ɖe mía ŋu nyuie o. Azɔ hã eɖo aɖaŋu nyuiwo na mí le Biblia me siwo akpe ɖe mía ŋu ne wowɔ nu madzɔmadzɔ ɖe mía ŋu. w24.11 2-3 ¶3-4

Memleɖa, February 14

Miawo ŋutɔwo mina nu wo woaɖu.—Mat. 14:16.

Yesu gblɔ na eƒe apostoloawo be woana nuɖuɖu amehaa. Esia asesẽ elabe ameawo sɔ gbɔ, wole ŋutsu 5,000 sɔŋ. Eye ne míetsɔ nyɔnuwo kple ɖeviwo kpe ɖe eŋu la, ke efia be ahiã be woakpɔ nuɖuɖu na ame abe 15,000 sɔŋ ene. (Mat. 14:21) Andrea gblɔ be: “Ŋutsuvi aɖe le afii, si si ƒobolo atɔ̃ kple tɔmelã sue eve le. Gake afi kae esia ade na ame gbogbo siawo?” (Yoh. 6:9) Ƒobolo la nye nu si ame geɖewo, vevietɔ ame dahewo, ɖuna edziedzi ɣemaɣi; eye tɔmelãa anya nye dzemekpɛ alo akpatogoe. Ke hã, nu siawo mesɔ gbɔ be woatsɔ anyi ame gbogbo mawo o ɖe, alo? Esi Yesu di be yeanyo dɔme na wo ta la, egblɔ na wo be woanɔ anyi le hatsotsowo me ɖe gbeawo dzi. (Marko 6:​39, 40; Yoh. 6:​11-13) Biblia gblɔ be Yesu do gbe ɖa da akpe na Fofoa ɖe aboloa kple tɔmelãawo ta. Esɔ be wòda akpe na Mawu, elabe eya gbɔe nuɖuɖua tso. Esia ɖoa ŋku edzi na mí be míasrɔ̃ Yesu ado gbe ɖa hafi aɖu nu. Eyome Yesu na nusrɔ̃lawo ma nuɖuɖua na amehaa. Nuɖuɖua sɔ gbɔ ale gbegbe be ameawo ɖui ɖi ƒo. w24.12 2-3 ¶3-4

Kwasiɖa, February 15

Mikafu Yehowa mia Mawu la.—1 Kron. 29:20.

Esi Yesu nɔ anyigba dzi la, etsɔ ŋutikɔkɔe na Yehowa esi wòna amewo nya be ŋusẽ si yetsɔ le nukunuwo wɔm la tso ye Fofo gbɔ. (Marko 5:​18-20) Yesu to ale si wòƒoa nu tso Fofoa ŋu na amewo kple ale si wòwɔa nu ɖe amewo ŋu dzi he ŋutikɔkɔe vɛ na Yehowa. Gbe ɖeka esi Yesu nɔ nu fiam le ƒuƒoƒe la, nyɔnu aɖe si me gbɔgbɔ vɔ̃wo nɔ ƒe 18 sɔŋ ye nye ema la hã nɔ nyaselawo dome. Gbɔgbɔ vɔ̃awo wɔe be nyɔnua xa gobaa eye metea ŋu dzɔna o. Ewɔ nublanui loo! Yesu se veve ɖe nyɔnua nu eye wòte ɖe eŋu gblɔ be: “Nyɔnu, wotu ka wò tso wò dɔléle la me.” Eda eƒe asiwo ɖe nyɔnua dzi, enumake nyɔnua dzɔ kã eye “wòde asi Mawu kafukafu me.” Dzi dzɔ nyɔnua ŋutɔ be woda dɔ na ye! (Luka 13:​10-13) Esɔ ŋutɔ be nyɔnua kafu Yehowa eye ele be míawo hã míakafu Yehowa. w25.01 2-3 ¶3-4

Dzoɖa, February 16

Tsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ke mí.—Luka 11:4.

Ðe wòanya wɔ be nu siwo katã Adam kple Xawa bú la nagasu mía sia? Ɛ̃, gake míate ŋu awɔe le mía ɖokui si o. (Ps. 49:​7-9) Ne Mawu mekpe ɖe mía ŋu o la, etsɔme nyui alo tsitretsitsimɔkpɔkpɔ aɖeke manɔ mía si o. Le nyateƒe me la, ɖeko míaku abe lãwo ke ene. (Nyagb. 3:19; 2 Pet. 2:12) Mía Fofo lɔlɔ̃a Yehowa na nunana aɖe mí si axe nu vɔ̃ ƒe fe si dome míenyi tso Adam gbɔ la na mí. Yesu ɖe eme be: “Mawu lɔ̃ xexea ale gbegbe be wòtsɔ eƒe Tenuvi la na, be ame sia ame si xɔa edzi sena la nagatsrɔ̃ o, ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ.” (Yoh. 3:16) Nunana sia kee aʋu mɔnukpɔkpɔ na mí be mía kple Yehowa dome nanyo. Nunana wɔnuku sia ate ŋu aɖe vi na mí ale be woatsɔ míaƒe nu vɔ̃wo, alo “fewo,” ake mí. w25.02 3 ¶3-6

Braɖa, February 17

[Saul tso], eye wonyrɔe.—Dɔw. 9:18.

Nu kae kpe ɖe Saul ŋu wòxɔ nyɔnyrɔ? Esi Yesu ƒo nu na Saul tso dziƒo la, eƒe ŋutikɔkɔe ƒe keklẽ na Saul ƒe ŋkuwo tsi. (Dɔw. 9:​3-9) Ŋkeke etɔ̃ sɔŋ Saul meɖu nu o, eye ɖikeke mele eme o be anya nɔ ŋugble dem le nu si teƒe wòkpɔ la ŋu. Ɛ̃, Saul va ka ɖe edzi be Yesue nye Mesia la eye be eyomedzelawoe nye subɔsubɔha vavãtɔ. Nu geɖe li míate ŋu asrɔ̃ tso Saul gbɔ. Saul ate ŋu ana dada alo vɔvɔ̃ na wo detɔwo naxe mɔ nɛ be wòagaxɔ nyɔnyrɔ o hafi. Gake mewɔe nenema o. Saul lɔ̃ faa zu Kristotɔ togbɔ be enya be esia ana woati ye yome hã. (Dɔw. 9:​15, 16; 20:​22, 23) Le eƒe nyɔnyrɔxɔxɔ megbea, eyi edzi ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu be wòakpe ɖe ye ŋu yeado dzi le xaxa vovovo siwo me yeava to la me. (2 Kor. 4:​7-10) Ne wò hã èxɔ nyɔnyrɔ va zu Yehowa Ðasefo la, xaxawo alo xɔse ƒe dodokpɔwo ava dziwò, gake Yehowa li akpe ɖe ŋuwò. Àte ŋu aka ɖe Mawu kple Kristo dzi be womagblẽ ye ɖi akpɔ o.—Flp. 4:13. w25.03 4 ¶8-9

Kuɖa, February 18

Ale si mele dua ƒum la, nyemele eƒum ɖewoɖewoe o.—1 Kor. 9:26.

Biblia xexlẽ le vevie ŋutɔ. Gake ne míedi be Biblia naɖe vi na mí bliboe la, exexlẽ ɖeɖe dzaa mesu o. Bu kpɔɖeŋu sia ŋu kpɔ. Nukuwo hiã tsi be woawɔ nyuie, gake ne tsi dza sɔgbɔ le ɣeyiɣi kpui aɖe me la, axa ɖe anyigba. Ne edzɔ alea eye tsia yi edzi le dzadzam la, maɖe vi na nukuawo o. Ehiã ɣeyiɣi be tsia naɖo anyigba me vivivi ale be wòaɖe vi na nukuawo. Nenema kee mele be míatsɔ dzitsitsi anɔ Biblia xlẽm o elabe ne míewɔe nenema la, mímate ŋu aɖo ŋku emenyawo dzi, ade ŋugble le wo ŋu kaka ahayi wo dzi wɔ ge o. (Yak. 1:24 ) Ðe nètsɔ dzitsitsi xlẽ Biblia kpɔa? Aleke nàwɔe wòaɖe vi wu? Eyae nye be nàgbɔ dzi ɖi ɖe exexlẽ ŋu ale be nàte ŋu anɔ ŋugble dem. Àte ŋu atiae be yeadidi nusɔsrɔ̃a ƒe ɣeyiɣia ɖe edzi vie ale be nàkpɔ ɣeyiɣi ade ŋugble le nu siwo nèxlẽ la ŋu. w24.09 4 ¶7-9

Yawoɖa, February 19

Miɖo to ame siwo le ŋgɔ xɔm le mia dome la.—Heb. 13:17.

Ne hamemetsitsiwo xɔ mɔfiame aɖe la, ele be woagbɔ dzi ɖi axlẽe nyuie eye woadze agbagba ɖe sia ɖe awɔ ɖe edzi. Hamemetsitsiwo xɔa mɔfiame tso ale si woakpɔ kpekpeawo dzi, ale si woado gbe ɖa le hamea me kple ale si woalé be na Kristo ƒe alẽawoe ŋu. Ne wowɔ ɖe habɔbɔa ƒe mɔfiamewo dzi la, wokpena ɖe ame siwo le woƒe dzikpɔkpɔ te ŋu wosena le wo ɖokuiwo me be Yehowa lɔ̃ yewo eye wòléa be na yewo. Ele be míalɔ̃ faa awɔ ɖe hamemetsitsiwo ƒe mɔfiamewo dzi. Ne míewɔe alea, anɔ bɔbɔe na wo be woawɔ woƒe dɔ. Biblia de dzi ƒo na mí be míaɖo to ame siwo le ŋgɔ xɔm eye míabɔbɔ mía ɖokui na wo. (Heb. 13:​7, 17) Gake esia wɔwɔ menɔa bɔbɔe ɣeaɖewoɣi o. Nu ka tae? Elabe nɔvi siawo hã mede blibo o. Ne míetsɔ susu ɖo woƒe gbagbãƒewo ŋu, ke menye woƒe nyuiƒewo ŋu o la, ɖeko wòanɔ abe míeva le asi kpem ɖe míaƒe futɔwo ŋu ene. Le mɔ ka nu? Le mɔ sia nu be míagava ka ɖe Mawu ƒe habɔbɔa dzi o. w24.04 10 ¶11-12

Fiɖa, February 20

[Ama] amewo me tso wo nɔewo gbɔ.—Mat. 25:32.

Ke ame siwo katã aku le xaxa gã la me ɖe, ɖe womafɔ wo ɖe tsitre oa? Ŋɔŋlɔawo na eme kɔ be ame siwo aɖoe koŋ atsi tre ɖe Yehowa ŋu siwo wòatsrɔ̃ le Armagedon-ʋaa me la, womafɔ wo ɖe tsitre o. (2 Tes. 1:​6-10) Ke ame siwo amewo awu le xaxa gãa me alo ame siwo aku ɣemaɣi le tsitsi, dɔléle alo afɔku bubu ta hã ɖe? (Nyagb. 9:11; Zak. 14:13) Ðe ame siawo dometɔ aɖewo anɔ ‘ame madzɔmadzɔ’ siwo woafɔ ɖe tsitre le xexe yeyea me domea? (Dɔw. 24:15) Míenya o lo. Gake míenya nu geɖe ku ɖe nu siwo ava dzɔ kpuie la ŋu. Le kpɔɖeŋu me, míenya be ale si amewo awɔ nu ɖe Kristo nɔviwo ŋu dzie Yesu anɔ te ɖo adrɔ̃ ʋɔnu wo le Armagedon. (Mat. 25:40) Eye ame siwo woadrɔ̃ ʋɔnu be wonye alẽwoe nye ame siwo kpe asi ɖe amesiaminawo kple Kristo ŋu.—Nyaɖ. 12:17. w24.05 10-11 ¶9-11

Memleɖa, February 21

Yehowa le agbe! Woakafu nye Agakpe la, woado nye xɔxɔ ƒe agakpe ƒe Mawu la ɖe dzi.—Ps. 18:46.

Biblia ɖɔ míaƒe ŋkekeawo be wonye “ɣeyiɣi sesẽ siwo me nɔnɔ asesẽ.” (2 Tim. 3:1) Kuxiwo ɖe kpe na ame sia ame le xexea me godoo, Yehowa subɔlawo meto le eme o. Gake nu si na mía tɔ gasẽ ɖe edzi wue nye be amewo lé fu mí eye wotia mía yome. Nu ka koŋue kpena ɖe mía ŋu míeyia edzi subɔa Yehowa togbɔ be míele kuxi mawo gbegbe me tom hã? Eyae nye be míenya be Yehowae nye “Mawu gbagbe la,” Eli eye wòle kpekpem ɖe mía ŋu. (Yer. 10:10; 2 Tim. 1:12) Yehowa li ŋutɔŋutɔ, ekpɔa kuxi ɖe sia ɖe si me tom míele eye wòdina ɣesiaɣi be yeakpe ɖe mía ŋu. (2 Kron. 16:9; Ps. 23:4) Eya ta ne míeɖoa ŋku edzi be eyae nye Mawu gbagbe laa, esia akpe ɖe mía ŋu míado dzi le nɔnɔme sesẽ ɖe sia ɖe me. w24.06 20 ¶1-2

Kwasiɖa, February 22

Ame dzɔdzɔewo ƒe toƒe le abe agudzedze ƒe kekeli si nɔa kɔkɔm ɖe edzi va se ɖe esime ŋu kena keŋ ene.—Lod. 4:18.

Ele be míaka ɖe Yehowa ƒe habɔbɔa dzi. Ne eme va kɔ be ehiã be woatrɔ asi le ale si míese Biblia me nyateƒe aɖe gɔme alo le ale si míewɔa subɔsubɔdɔ aɖe ŋua, ame siwo le ŋgɔ xɔm mehena ɖe megbe kura be yewoawɔ tɔtrɔ mawo o. Nu si koŋ tae wowɔa esia ɖoe nye be wodi be yewoadze Yehowa ŋu. Azɔ hã wowɔa woƒe ŋutete ɖe sia ɖe be yewoatu yewoƒe nyametsotsowo ɖe Mawu ƒe Nyaa dzi, elabe eƒe Nya nue wòle be eƒe amewo katã nanɔ agbe ɖo. Apostolo Paulo ɖo aɖaŋu be: “Yi edzi nàlé nya siwo le blibo . . . me ɖe asi.” (2 Tim. 1:13) “Nya siwo le blibo” lae nye Biblia me nya siwo Kristotɔ vavãwo fiana. (Yoh. 17:17) Nufiafia mawo dzie míetu nu siwo katã dzi míexɔ se la ɖo. Yehowa ƒe habɔbɔa fia mí be míalé nufiafia mawo me ɖe asi goŋgoŋ. Zi ale si míele esia wɔm la, Mawu ayra mí. w24.07 11-12 ¶12-13

Dzoɖa, February 23

Yehowa . . . [gbɔa] dzi ɖi na mi, elabena medi be ame aɖeke natsrɔ̃ o, ke boŋ edi be mɔnukpɔkpɔ nasu amewo katã si woatrɔ dzi me.—2 Pet. 3:9.

Apostolo Petro va se nu si dzimetɔtrɔ kple tsɔtsɔke fia gɔme nyuie, eya ta esu te afia nu amewo tso nu siawo ŋu. Ɣeaɖeɣi le Pentekoste ŋkekea megbe la, Petro ƒo nuƒo aɖe na ameha siwo nye Yudatɔ dzimaxɔsetɔwo eye wòɖe eme na wo be ame si wowu lae nye Mesia la. Ke hã exlɔ̃ nu wo lɔlɔ̃tɔe be: “Mitrɔ dzi me, eye migbugbɔ, ne woatutu miaƒe nu vɔ̃wo ɖa, ale be miakpɔ dzidzemeɣiwo tso Yehowa ŋutɔ gbɔ.” (Dɔw. 3:​14, 15, 17, 19) Petro ƒe nyawo na míekpɔe be dzimetɔtrɔ fia be ele be ame siwo wɔ nu vɔ̃ natrɔ woƒe nuŋububu kple nuwɔna eye woawɔ nu si adze Mawu ŋu. Ne wowɔ esia la, Yehowa atutu woƒe nu vɔ̃wo ɖa. Nya fakɔname kawoe nye esi! Mɔnukpɔkpɔ le ʋuʋu ɖi be ne edzɔ be Kristotɔ aɖe wɔ nu vɔ̃—nu vɔ̃ gãwo gɔ̃ hã eye wòtrɔ dzi me la, woakpɔ nublanui nɛ atsɔ akee! w24.08 12 ¶14

Braɖa, February 24

Mina miaƒe agbenɔnɔ navo tso galɔlɔ̃ me.—Heb. 13:5.

Ne míexɔe se bliboe be Yehowa atsrɔ̃ xexe vɔ̃ɖi sia kpuie la, aʋã mí be míaƒo asa na ŋutilãmenuwo didi fũu akpa. Le xaxa gãa me la, ga magaɖi naneke o. Biblia gblɔ be amewo atsɔ “woƒe klosalo aƒu gbe ɖe ablɔwo dzi.” Elabe woava kpɔe be “klosalo kple sika mate ŋu aɖe [yewo] le Yehowa ƒe dzikudogbe la o.” (Eze. 7:19) Eya ta mele be míaƒe susu naku ɖe ale si míawɔ akpɔ ga geɖe ŋu o, ke boŋ míatso nya me nyuie si ana míasubɔ Yehowa ale si dze, eye wòakpe ɖe mía ŋu hã be míakpɔ mía kple míaƒe ƒomea ƒe nuhiahiãwo gbɔ. Esia bia be míaƒo asa na fenyinyi si mehiã o eye míagazã ɣeyiɣi fũu ɖe beléle na míaƒe nunɔamesiwo ŋu o. Azɔ hã, mele be míaƒe nunɔamesiwo nanye nu vevitɔ na mí o. (Mat. 6:​19, 24) Esi nuɖoanyi sia ƒe nuwuwu le aƒe tum la, nu geɖe adzɔ siwo ado míaƒe xɔse kpɔ nenye be míeɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu loo alo míaƒe dzi ku ɖe ŋutilãmenuwo ŋu. w24.09 11 ¶13-14

Kuɖa, February 25

Ame si susu be yele tsitre la nakpɔ nyuie be wòagadze anyi o.—1 Kor. 10:12.

Ðewohĩ anya wɔ be míaɖu míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ aɖewo dzi keŋkeŋ. Gake ɖewo ya, míawɔ avu kpli wo ɣeyiɣi didi. Bu nu si dzɔ ɖe apostolo Petro dzi ŋu kpɔ. Amegbetɔvɔvɔ̃ na wògbe nu le Yesu gbɔ zi etɔ̃ sɔŋ. (Mat. 26:​69-75) Emegbe esi Petro ɖi ɖase dzinɔameƒotɔe le Sanhedrin la ŋkumea, edze abe ɖe wòɖu vɔvɔ̃ ma dzi ene. (Dɔw. 5:​27-29) Gake le ƒe aɖewo megbea, edzudzɔ nuɖuɖu kple Dukɔwo me tɔ siwo va zu Kristotɔwo “le vɔvɔ̃ na aʋatsotsotɔwo ta.” (Gal. 2:​11, 12) Amegbetɔvɔvɔ̃ si nɔ Petro mea gado mo ɖa ake. Ðewohĩ mete ŋu ɖu esia dzi keŋkeŋ o. Esia tɔgbi ate ŋu adzɔ ɖe mía dzi. Ke hã, míate ŋu aɖu gbɔdzɔgbɔdzɔ si ɖea fu na mí enuenu la dzi ne míewɔ ɖe Yesu ƒe nuxlɔ̃ame sia dzi be: “Minɔ ŋudzɔ.” (Mat. 26:41) Le ɣeyiɣi siwo me nèsusu be yele ŋute gɔ̃ hã, yi edzi nàƒo asa na nɔnɔme siwo ate ŋu akplɔ wò ade tetekpɔ me. Mègadzudzɔ nu siwo le kpekpem ɖe ŋuwò nète ŋu le avu wɔm kple gbɔdzɔgbɔdzɔa wɔwɔ o.—2 Pet. 3:14. w24.07 18-19 ¶17-19

Yawoɖa, February 26

Ena nunana siwo nye amewo.—Ef. 4:8.

Amegbetɔ aɖeke menyo dɔme na amewo kpɔ de Yesu nu o. Esi wònɔ anyigba dzi la, ezã ŋusẽ si Mawu nae tsɔ kpe ɖe amewo ŋu faa. (Luka 9:​12-17) Eƒe nunana gãtɔe nye eƒe agbe si wòtsɔ na ɖe mía ta. (Yoh. 15:13) Tso esime wofɔ Yesu ɖe tsitre la, ekpɔtɔ le kpekpem ɖe mía ŋu. Abe ale si wòdo eƒe ŋugbe enea, eɖe kuku na Yehowa be wòakɔ eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ɖe mía dzi, wòafia nu mí eye wòafa akɔ na mí. (Yoh. 14:​16, 17, etenuŋɔŋlɔ; 16:13) Yesu toa hamea ƒe kpekpewo dzi naa hehe mí be míawɔ amewo nusrɔ̃lawo le xexe bliboa me. (Mat. 28:​18-20) Apostolo Paulo gblɔ be esi Yesu yi dziƒoa, ena “nunana siwo nye amewo” la mí. (Ef. 4:​7, 8) Paulo ɖe eme be Yesu na nunana siawo be woawɔ dɔ vovovowo le hamea me. (Ef. 1:​22, 23; 4:​11-13) Esi wònye ŋutsu siawo mede blibo o ta la, wowɔa vodada ɣeaɖewoɣi. (Yak. 3:2) Gake míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo zãa wo tsɔ kpena ɖe mía ŋu; wonye nunanawo na mí. w24.10 18 ¶1-2

Fiɖa, February 27

Nugɔmesese akpɔ tawò.—Lod. 2:11.

David gblɔ na via Salomo be ne eyi edzi ɖo to Yehowa Mawu ko hafi eme anyo nɛ. Nublanuitɔe la, Salomo mete ŋu yi edzi wɔ nuteƒe na Yehowa o eye wòva nɔ alakpamawuwo subɔm. Salomo ƒe nu megava dze Yehowa ŋu o, si wɔe be nunya si wòatsɔ akplɔ dukɔa le mɔ dzɔdzɔe nu hã bɔe. (1 Fia. 11:​9, 10; 12:4) Nu kae míesrɔ̃ tso eme? Toɖoɖo ana Yehowa nayra mí eye wòakpe ɖe mía ŋu. (Ps. 1:​1-3) Le nyateƒe me la, Yehowa medo ŋugbe be yeana míazu kesinɔtɔwo eye míaxɔ ŋkɔ abe Salomo ene o. Gake ne míeɖo toe la, ana nunya mí eye esia akpe ɖe mía ŋu míatso nya me nyuie. (Lod. 2:​6, 7; Yak. 1:5) Mawu ƒe aɖaŋuɖoɖowo akpe ɖe mía ŋu míanya nu nyuitɔ si wòle be míawɔ le dɔwɔɖui, ga, modzakaɖeɖe kple sukudede ƒe nyawo me. Ne míewɔ aɖaŋu siwo Mawu ɖo dzi la, mía kplii dome anɔ nyuie eye míava kpɔ agbe mavɔ. (Lod. 2:​10, 11) Míadze xɔlɔ̃ nyuiwo, eye dzidzɔ anɔ míaƒe ƒomewo me. w24.11 10-11 ¶11-12

Memleɖa, February 28

Mido nuwo katã kpɔ; milé ɖe nu si nyo la ŋu.—1 Tes. 5:21.

Mɔnukpɔkpɔ geɖe ʋuna ɖi na dzilawo be woaɖo dze kple wo viwo tso Biblia alo ale si míexɔ Mawu dzi see ŋu. Miate ŋu aɖi tsa ayi blemanudzraɖoƒe. Àte ŋu ahe ɖevia ƒe susu ayi ŋutinya alo blemanu aɖe si ate ŋu akpe ɖe eŋu wòaka ɖe edzi be Biblia me nyawo de pɛpɛpɛ la dzi. Àte ŋu afia nu viwòa tso Moabtɔwo Ƒe Kpea ŋu. Kpe sia xɔ ƒe 3,000, eye Mawu ƒe ŋkɔ le edzi. Azɔ hã, ne mieyi ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe xexea me katã ƒe dɔwɔƒegã si le Warwick le New York la, miakpɔ Moabtɔwo Ƒe Kpea ƒe wɔwɔe aɖe le blemanudzraɖoƒea ƒe akpa si nye “Biblia Kple Mawu Ƒe Ŋkɔ.” Woŋlɔ ɖe Moabtɔwo Ƒe Kpea dzi be Moab-fia Mesa dze aglã ɖe Israel ŋu. Esia wɔ ɖeka kple nya si Biblia gblɔ. (2 Fia. 3:​4, 5) Ne viwòa ŋutɔ tsɔ eƒe ŋkuwo kpɔ kpeɖodzi siwo ɖee fia be Biblia nye nyateƒe la, ado ŋusẽ eƒe xɔse. w24.12 14 ¶4; 15 ¶6

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2026)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2026 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe