INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • es26 axa 7-17
  • January

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • January
  • Ŋɔŋlɔawo Me Dzodzro Gbe Sia Gbe—2026
  • Tanya Suewo
  • Yawoɖa, January 1
  • Fiɖa, January 2
  • Memleɖa, January 3
  • Kwasiɖa, January 4
  • Dzoɖa, January 5
  • Braɖa, January 6
  • Kuɖa, January 7
  • Yawoɖa, January 8
  • Fiɖa, January 9
  • Memleɖa, January 10
  • Kwasiɖa, January 11
  • Dzoɖa, January 12
  • Braɖa, January 13
  • Kuɖa, January 14
  • Yawoɖa, January 15
  • Fiɖa, January 16
  • Memleɖa, January 17
  • Kwasiɖa, January 18
  • Dzoɖa, January 19
  • Braɖa, January 20
  • Kuɖa, January 21
  • Yawoɖa, January 22
  • Fiɖa, January 23
  • Memleɖa, January 24
  • Kwasiɖa, January 25
  • Dzoɖa, January 26
  • Braɖa, January 27
  • Kuɖa, January 28
  • Yawoɖa, January 29
  • Fiɖa, January 30
  • Memleɖa, January 31
Ŋɔŋlɔawo Me Dzodzro Gbe Sia Gbe—2026
es26 axa 7-17

January

Yawoɖa, January 1

Mizu ame siwo tsi bliboe le nugɔmesese me.—1 Kor. 14:20.

Nane si doa dzidzɔ na atsu kple asi vevie ye nye ne wodzi vi si le lãmesẽ me. Togbɔ be wolɔ̃ vidzĩa hã la, womadi be wòakpɔtɔ anye vidzĩ ɖaa o. Le nyateƒe me la, woatsi dzi vevie ne ɖevia mele tsitsim o. Nenema kee wòdzɔa dzi na Yehowa ne míeɖe afɔ va zu Yesu yomedzelawo, gake madi be wòase ɖe afi ma o. (1 Kor. 3:1) Edi be míazu Kristotɔ “siwo tsi bliboe.” Le Biblia me la, Helagbe me nya si gɔme woɖe be “tsi bliboe” agate ŋu afia “nu si tsi” alo “de.” (1 Kor. 2:6) Ale si ko ɖevi tsina vivivi va zua ame tsitsi la, nenemae wòle be míawo hã míayi edzi anɔ tsitsim le gbɔgbɔ me. Ne míewɔe alea la, míava zu Kristotɔ siwo tsi bliboe. Ne míeva zu Kristotɔ siwo tsi le gbɔgbɔ me hã la, ele be míayi edzi anɔ tsitsim ɖaa.—1 Tim. 4:15. w24.04 2 ¶1, 3

Fiɖa, January 2

Nye agbadɔ la anɔ wo gbɔ [eye] manye woƒe Mawu.—Eze. 37:27.

Ne ame aɖe bia wò be, Ame kae Yehowa nye na wò la, aleke nàɖo eŋui? Ðewohĩ àɖo eŋu be, ‘Yehowae nye nye Mawu, Fofonye, kple Xɔ̃nye.’ Anɔ eme be nya bubu aɖewo li nàgate ŋu azã atsɔ aɖɔ ame si Yehowa nye na wò. Gake ɖe nèbu eŋu kpɔ be yenye amekpekpe le Yehowa ƒe agbadɔ mea? Fia David tsɔ Yehowa sɔ kple ame aɖe si le amewo kpem eye wòtsɔ Yehowa subɔla wɔnuteƒewo sɔ kple amekpekpeawo. Ebia be: “Oo Yehowa, ame kae adze wò agbadɔ me? Ame kae anɔ wò to kɔkɔe la dzi?” (Ps. 15:1) Nya siawo siwo gbɔgbɔ ʋã David wògblɔ la na míekpɔe be Yehowa le mía kpem be míava dze yeƒe agbadɔ me anye ye xɔlɔ̃wo. Yehowa ɖeka koe nɔ anyi tsã. Gake eva ɖo ɣeaɖeɣia, ewɔ eƒe Tenuvi la. Ðeko wòle abe Yehowa xɔ amedzro ɖe eƒe agbadɔ me ene, eye esia nye dzidzɔ nɛ ŋutɔ! Biblia ɖee fia be Yehowa ‘lɔ̃ Via vevie.’ Via, si nye eƒe amedzro gbãtɔ hã ‘tsoa aseye le eŋkume ɣeawokatãɣi.’—Lod. 8:30. w24.06 2 ¶1-3

Memleɖa, January 3

Zadok, [nye] ɖekakpui kalẽtɔ aɖe.—1 Kron. 12:28.

Kpɔe ɖa le susu me be ŋutsu 340,000 ƒo ƒu be yewoaɖo David fia ɖe Israel bliboa dzi. Ŋkeke etɔ̃ sɔŋ ŋutsu siawo nɔ tonuto si te ɖe Hebron ŋu la me. Wonɔ dze ɖom henɔ kafukafuhawo dzim na Yehowa kple dzidzɔ. (1 Kron. 12:39) Ðekakpui dzaa aɖe si ŋkɔe nye Zadok hã nɔ amehaa dome. Anɔ eme be ame geɖe ƒe susu menɔ eŋu o. Gake Yehowa ya de dzesi Zadok eye wòdi be míawo hã míanyae. (1 Kron. 12:​22, 26-28) Zadok nye nunɔla si wɔ dɔ kplikplikpli kple Nunɔlagã Abiatar. Mawu na nunya geɖe Zadok eye wònae ŋutete tɔxɛ aɖe hã be wòade dzesi nu si nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu. (2 Sam. 15:27) Azɔ hã dzi nɔ eƒo ŋutɔ. Le ŋkeke mamlɛ siawo me la, Satana ƒe ŋku biã vevie be yeagblẽ mía kple Mawu dome. (1 Pet. 5:8) Ehiã be dzi nanɔ mía ƒo esi míele Yehowa sinu kpɔm be wòava ɖe Satana kple eƒe nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia ɖa. (Ps. 31:24) Ne míewɔe alea la, míate ŋu asrɔ̃ Zadok ƒe dzinɔameƒo. w24.07 2 ¶1-3

Kwasiɖa, January 4

Adam ƒe agbemeŋkekewo katã va le ƒe alafa asieke blaetɔ̃, eye wòku.—1 Mose 5:5.

Esi Yehowa wɔ ŋutsu kple nyɔnu gbãtɔ la, edi be woakpɔ dzidzɔ. Eya ta etso abɔ dzeani aɖe be wòanye woƒe aƒe, ena wozu atsu kple asi, eye wòde dɔ dodzidzɔname aɖe wo si. Edi be woadzi ayɔ anyigba dzi eye woakeke Eden-bɔa ɖe enu ale be anyigba bliboa nazu paradiso. Se bɔbɔe ɖeka pɛ koe wòde na wo. Exlɔ̃ nu wo be ne woda le se ma dzi heɖoe koŋ dze aglã ɖe ye ŋu la, ke wowɔ nu vɔ̃. Ekema ku ado tso eme na wo. Míenya nu si va dzɔ. Mawudɔla aɖe si melɔ̃ Mawu o eye melɔ̃ woawo hã o la va do ɖe abɔa me hete wo kpɔ be woagbe toɖoɖo Mawu. Adam kple Xawa wɔ ɖe mawudɔla vɔ̃ɖi ma si nye Satana ƒe nyawo dzi. Esi womeka ɖe wo Fofo lɔ̃amea dzi o ta la, wowɔ nu vɔ̃. Nu si Yehowa gblɔ be adzɔ ne womeɖo to o lae va dzɔ: wotsi ku amegã, eye mlɔeba woku.—1 Mose 1:​28, 29; 2:​8, 9, 16-18; 3:​1-6, 17-19, 24. w24.08 3 ¶3

Dzoɖa, January 5

Mizu nyadziwɔlawo, ke menye nyaselawo ko o.—Yak. 1:22.

Yehowa kple Via malɔ̃nugbɔa di be míakpɔ dzidzɔ. Psalmo 119:2 gblɔ be: “Dzidzɔtɔwoe nye ame siwo léa eƒe ŋkuɖodzinyawo me ɖe asi, ame siwo dinɛ tso dzi blibo me.” Yesu hã ɖo kpe nya ma dzi gblɔ be: “Dzidzɔtɔwoe nye ame siwo le Mawu ƒe nya la sem, eye wole edzi wɔm!” (Luka 11:28) Mí Yehowa subɔlawo míekpɔa dzidzɔ ne míexlẽa Mawu ƒe Nyaa edziedzi eye míedzea agbagba wɔna ɖe nu siwo míesrɔ̃ la dzi. (Yak. 1:​22-25) Ewɔnɛ be míaƒe nu dzea Yehowa ŋu. (Nyagb. 12:13) Nuwo yina nyuie le míaƒe ƒomea me, eye mía kple nɔvi siwo le hamea me hã dome nɔna kplikplikpli. Mawu ƒe Nyaa kpena ɖe mía ŋu hã be míeƒoa asa na kuxi geɖe siwo ɖea fu na ame siwo mesubɔa Yehowa o. Le ha aɖe si Fia David kpa me la, eƒo nu tso Yehowa ƒe sewo, ɖoɖowo kple ʋɔnudɔdrɔ̃wo ŋu, eye wògblɔ be: “Fetu gã le wo me léle ɖe asi me.” Nya siawo sɔ ŋutɔ!—Ps. 19:​7-11. w24.09 2 ¶1-3

Braɖa, January 6

Edaa gbe le ame siwo ƒe dzi gbã la ŋu; eye wòblaa abi na wo.—Ps. 147:3.

Ne Yehowa lé ŋku ɖe esubɔla siwo le anyigba dzi ŋu la, nu kae wòdea dzesii? Edea dzesii ne míele dzidzɔ kpɔm alo míele nu xam. (Ps. 37:18) Ekpɔa dzidzɔ ŋutɔ ne ekpɔe be míele agbagba ɖe sia ɖe dzem be míasubɔ ye togbɔ be dzigbãnyawo ɖea fu na mí hã. Edi vevie be yeakpe ɖe mía ŋu eye yeafa akɔ na mí. Psalmo 147:3 gblɔ be Yehowa ‘blaa ame siwo ƒe dzi gbã la ƒe abiwo.’ Woɖɔ Yehowa le afi sia be eléa be na ame siwo le veve sem le dzi me. Ke nu kae nàwɔ be Yehowa nalé be na wò? Bu kpɔɖeŋu sia ŋu kpɔ. Ðɔkta bibi ate ŋu akpe ɖe ame si xɔ abi ŋu be abia naku. Gake ele be ame si xɔ abia nawɔ ɖe ɖɔktaa ƒe mɔfiamewo dzi pɛpɛpɛ. Nenema kee wòhiã be míawɔ ɖe Yehowa ƒe mɔfiamewo dzi be míaƒe dzi nadze eme. Yehowa to eƒe Nyaa dzi le nu ƒom na ame siwo ƒe dzi gbã, eye wòle mɔfiame siwo ɖe ale si gbegbe wòlɔ̃ míi la nam wo. w24.10 6 ¶1-2

Kuɖa, January 7

Wotsrɔ̃ wo katã ɖa le anyigba la dzi.—1 Mose 7:23.

Le ƒe siwo va yi mea, míaƒe agbalẽwo gblɔ nu si adzɔ ɖe ame siwo Yehowa drɔ̃ ʋɔnu be wonye ame madzɔmadzɔwo dzi. Míegblɔ le míaƒe agbalẽwo me be ame siwo Yehowa ŋutɔ tsrɔ̃ la, womagafɔ wo ɖe tsitre o. Biblia ƒo nu tso nudzɔdzɔ bubu aɖewo ŋu siwo me Yehowa drɔ̃ ʋɔnu ame madzɔmadzɔwo le eye wòtsrɔ̃ wo. Esia ƒe kpɔɖeŋu aɖewoe nye ame gbogbo siwo tsrɔ̃ le Tsiɖɔɖɔa me, dukɔ adre siwo wòna eƒe amewo tsrɔ̃ le Ŋugbedodonyigbaa dzi, kple Asiriatɔwo ƒe asrafo 185,000 siwo eƒe dɔla tsrɔ̃ le zã ɖeka me. (5 Mose 7:​1-3; Yes. 37:​36, 37) Le nudzɔdzɔ siawo katã mea, ɖe Biblia ɖe eme tsitotsito be esi wònye Yehowa ŋutɔe tsrɔ̃ ame siawo ta la, wo dometɔ ɖe sia ɖe tsrɔ̃ ɖikaa eye womagafɔ wo ɖe tsitre oa? Biblia megblɔe o. Mímenya ale si Yehowa drɔ̃ ʋɔnu ame ɖekaɖeka siwo wòtsrɔ̃ le nudzɔdzɔ mawo me o; eye mímenya ne mɔnukpɔkpɔ su ame mawo si wosrɔ̃ nu tso Yehowa ŋu be woatrɔ dzi me o. w24.05 3 ¶5-7

Yawoɖa, January 8

Yi edzi nàtsɔ nu nyui anɔ nu vɔ̃ɖi dzi ɖum.—Rom. 12:21.

Yesu wɔ kpɔɖeŋu aɖe ku ɖe ahosi aɖe si nɔ ʋɔnudrɔ̃la aɖe biam enuenu be wòadrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe na ye la ŋu. Ðikeke mele eme o be Yesu ƒe nusrɔ̃lawo se ale si ahosia nɔ sesem le eɖokui me la gɔme elabe le ɣeyiɣi mawo mea, amewo wɔa nu madzɔmadzɔ ɖe ame tsɛwo ŋu zi geɖe. (Luka 18:​1-5) Nufiame le kpɔɖeŋu ma me na míawo hã elabe wowɔ nu madzɔmadzɔ ɖe mí katã ŋu kpɔ. Egbea nazãbubu, ametafatafa kple ameteteɖeanyi bɔ ŋutɔ ɖe xexea me, eya ta mewɔa nuku na mí ne amewo wɔ nu madzɔmadzɔ ɖe mía ŋu o. (Nyagb. 5:8) Gake esi vea mí wue nye ne mía nɔviŋutsu alo nɔvinyɔnu ye wɔ nu manyomanyo ɖe mía ŋu. Ke hã le mía nɔviwo gomea, menye woƒe didie nye be yewoawɔ nu madzɔmadzɔwo ɖe mía ŋu o. Nya la koe nye be womede blibo o. Míate ŋu asrɔ̃ nu geɖe tso ale si Yesu wɔ nui esi tsitretsiɖeŋula vɔ̃ɖiwo wɔ nu madzɔmadzɔ ɖe eŋu la me. Ne míate ŋu agbɔ dzi ɖi na tsitretsiɖeŋula siwo wɔa nu madzɔmadzɔ ɖe mía ŋu la, ke ɖe mele be míagbɔ dzi ɖi geɖe wu na míaƒe haxɔsetɔwo ya oa? w24.11 2 ¶1-2

Fiɖa, January 9

Afi kae míakpɔ abolo le aƒle na ame siawo woaɖu?—Yoh. 6:5.

Abolo nye nuɖuɖu vevi aɖe le Biblia ŋlɔɣiwo. (1 Mose 14:18; Luka 4:4) Ebɔ ale gbegbe be ɣeaɖewoɣi la, Biblia zãa nya “abolo” wòfiaa nuɖuɖu. (Mat. 6:11) Yesu zã abolo le eƒe nukunu xɔŋkɔ eve aɖewo me. (Mat. 16:​9, 10) Ðeka dze le Yohanes ta 6. Yesu ƒe apostolowo ɖe gbeƒã ʋuu ɖeɖi te wo ŋu, eya ta Yesu kple apostoloawo ɖo tɔdziʋu hetso Galilea-ƒua be yewoayi aɖaɖi ɖe eme. (Marko 6:​7, 30-32; Luka 9:10) Woyi teƒe aɖe si ame aɖeke mele o le Betsaida nutoa me. Ke hã eteƒe medidi o, ame akpe geɖe va tso wo le afi ma. Ðe Yesu zi kpi kpɔ woa? Ao, ke boŋ efia nu geɖe wo tso Fiaɖuƒea ŋu eye wòda dɔ na wo dometɔ siwo nɔ dɔ lém. Esi fiẽsi ɖo la, nusrɔ̃lawo tsi dzi ɖe ale si ame gbogbo mawo katã akpɔ nu aɖu ŋu. Ðewohĩ nuɖuɖu vi aɖe nɔ wo dometɔ aɖewo si, gake ahiã be wo dometɔ akpa gãtɔ nayi kɔƒeawo me aɖaƒle nu aɖu.—Mat. 14:15. w24.12 2 ¶1-2

Memleɖa, January 10

Mawu ƒe nunanae nye agbe mavɔ to Kristo Yesu mía Aƒetɔ la dzi.—Rom. 6:23.

Mía dzila gbãtɔwo Adam kple Xawa, de blibo eye wonɔ paradiso-bɔ dzeani aɖe me. (1 Mose 1:27; 2:​7-9) Mɔnukpɔkpɔ gã su wo si be woanɔ agbe tegbee le dzidzɔ me hafi. Gake nuwo trɔ kura. Wobú woƒe aƒe si nye Paradisoa eye agbe mavɔ mɔkpɔkpɔa hã bú ɖe wo. Domenyinu kae wogblẽ ɖi na woƒe dzidzimeviwo? Biblia gblɔ na mí be: “To ame ɖeka [Adam] dzi nu vɔ̃ va xexea me, eye to nu vɔ̃ me ku la va, ale ku la kaka ɖe amewo katã dome, esi wo katã wɔ nu vɔ̃ ŋuti.” (Rom. 5:12) Domenyinu si Adam gblẽ ɖi na mí lae nye nu vɔ̃ si hea ku vanɛ. Nu vɔ̃ si dome míenyi la le abe fe gã aɖe si ame aɖeke mate ŋu axe gbeɖe o la ene. (Ps. 49:8) Yesu tsɔ nu vɔ̃wo sɔ kple “fewo.” (Mat. 6:12; Luka 11:4) Ne míewɔ nu vɔ̃ la, ele ko abe míenyi fe le Yehowa ŋu ene. Ele be míaxe nu vɔ̃ ƒe fe si míenyi. Ne míete ŋu xee o la, ke ɖeko míaku hafi woatutu fea ɖa.—Rom. 6:7. w25.02 2-3 ¶2-3

Kwasiɖa, January 11

Mena wonya wò ŋkɔ la.—Yoh. 17:26.

Mɔnukpɔkpɔe wònye su mía si be míaɖe gbeƒã Mawu Fiaɖuƒea na amewo. Menye ame sia ame sie mɔnukpɔkpɔ sia su o. Le kpɔɖeŋu me, esi Yesu nɔ anyigba dzia, meɖe mɔ na gbɔgbɔ vɔ̃wo be woaɖi ɖase tso ye ŋu o. (Luka 4:41) Hafi ame aɖe nate ŋu awɔ ɖeka kple Yehowa ƒe amewo aɖe gbeƒã egbea, ele be wòadze. Ne míeɖea gbeƒã le afi sia afi ɣesiaɣi si nɔnɔmea ɖe mɔe la, eɖenɛ fiana be dɔ sia le vevie na mí ale gbegbe. Míaƒe taɖodzinue nye be míaƒã Fiaɖuƒea ƒe nuku ɖe amewo ƒe dzi me eye míade tsii, abe ale si Yesu wɔe ene. (Mat. 13:​3, 23; 1 Kor. 3:6) Yehowa ƒe habɔbɔa srɔ̃a Yesu ƒe kpɔɖeŋua, eye wowɔa nu sia nu si woate ŋui kpena ɖe amewo ŋu be woanya Mawu ƒe ŋkɔ. Le kpɔɖeŋu me, le teƒe siwo katã Mawu ƒe ŋkɔa dze le le gbegbɔgblɔ gbãtɔ siwo me woŋlɔ Biblia ɖo me la, Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia de wo teƒe mawo katã. Woɖe Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia bliboa alo eƒe akpa aɖe gɔme ɖe gbegbɔgblɔ siwo wu 270 me. w24.04 9 ¶8-9

Dzoɖa, January 12

Srɔ̃a tsona hekafunɛ.—Lod. 31:28.

Srɔ̃ŋutsu siwo le dzidzɔ kpɔm le woƒe srɔ̃ɖeɖe me dometɔ aɖewo ɖoe be yewoawɔ nane gbe sia gbe atsɔ aɖee afia yewo srɔ̃wo be yewolɔ̃ wo vevie. (1 Yoh. 3:18) Srɔ̃ŋutsu ate ŋu aɖe lɔlɔ̃ afia srɔ̃a le mɔ bɔbɔewo nu. Le kpɔɖeŋu me, ate ŋu alé srɔ̃a ƒe asi alo akpla asi kɔ nɛ lɔlɔ̃tɔe. Ate ŋu aɖo text message ɖee agblɔ nɛ be “Mele wò susum” alo abiae be “Aleke ŋkekea le yiyimee?” Ɣeaɖewoɣi la, ate ŋu aŋlɔ lɔlɔ̃nya vivi aɖewo ɖe agbalẽ dzi atsɔ anae. Ne srɔ̃ŋutsu wɔa nu siawo la, aɖee afia be yedea bubu ye srɔ̃ ŋu eye ado ŋusẽ woƒe srɔ̃ɖeɖea. Srɔ̃ŋutsu si dea asixɔxɔ srɔ̃a ŋu la agblɔ nya siwo atui ɖo ahade dzi ƒo nɛ la nɛ. Ate ŋu awɔ esia ne edaa akpe nɛ ɖe nu siwo katã wòwɔna tsɔ kpea asi ɖe eŋu la ta. (Kol. 3:15) Ne srɔ̃ŋutsu kafua srɔ̃a tso dzi me alea la, ewɔnɛ be srɔ̃a kpɔa dzidzɔ eye eƒe dzi dzea eme. Awɔe hã be wòase le eɖokui me be yele dedie, ye srɔ̃ lɔ̃ ye, eye wòdea asixɔxɔ ye ŋu. w25.01 13 ¶15-16

Braɖa, January 13

Nye Yehowae nye wò Mawu, . . . Ame si kplɔa wò toa mɔ si dzi wòle be nàto.—Yes. 48:17.

Psalmo 15 lia wu enu kple ŋugbedodo sia be: “Ame si wɔa nu siawo la, maʋã akpɔ o.” Esia ɖe susu si koŋ tae Mawu di nu siawo tso mía si la fia. Eyae nye be Yehowa di be míakpɔ dzidzɔ. Esia tae wòna mɔfiame siwo ana míanɔ dedie eye eme nanyo na mí le agbe me la mí. Etsɔme nyui aɖe le ame siwo le Yehowa ƒe agbadɔ me la lalam. Amesiamina wɔnuteƒewo ava nɔ dziƒo, afi si Yesu dzra “nɔƒe geɖewo” ɖo ɖi na wo le. (Yoh. 14:2) Ame siwo anɔ agbe le anyigba dzi le mɔ kpɔm na ŋugbedodo siwo le Nyaɖeɖefia 21:3 la me vava. Vavãe, mɔnukpɔkpɔ gã aɖee wònye na mí be Yehowa kpe mí be míanye ye xɔlɔ̃wo eye míanɔ yeƒe agbadɔ me tegbee!—Ps. 15:​1-5. w24.06 13 ¶19-20

Kuɖa, January 14

Mitsɔ bubu si dze na Yehowa ƒe ŋkɔ la nɛ.—Ps. 96:8.

Biblia ɖee fia be Yehowae nye Mawu Gã si ɖeke mesɔ kplii o. Esi Yehowa ɖe Israel-viwo tso kluvinyenye me le Egipte la, ewɔ dzesi aɖewo tsɔ ɖe eƒe ŋutikɔkɔe fia eƒe amewo. Kpɔ nudzɔdzɔa ɖa le susu me: Israel-vi akpe teƒe akpe geɖe va ƒo ƒu ɖe Sinai Toa gbɔ le woƒe Mawu ŋkume. Alilikpo dodo aɖe va tsyɔ toa tame. Kasia anyigba ʋuʋu sesĩe, dzi nɔ gbe ɖem henɔ dzo kem eye kpẽ aɖe hã nɔ ɖiɖim sesĩe. (2 Mose 19:​16-18; 24:17; Ps. 68:8) Kpɔ ale si gbegbe wòawɔ nuku na Israel-viwo esi Yehowa ɖe eƒe ŋusẽ kple ŋutikɔkɔe fia woe ɖa. Egbea, míehea ŋutikɔkɔe vɛ na Yehowa ne míeƒoa nu tso eƒe ŋusẽ triakɔ la kple eƒe nɔnɔme lédzinamewo ŋu na amewo eye míetsɔ nu siwo wòdo ŋusẽ mí míete ŋu wɔ la ŋuti kafukafu na eyama.—Yes. 26:12. w25.01 2 ¶2-3

Yawoɖa, January 15

Yehowa ye dɔm.—4 Mose 16:28.

Esime Israel-viwo nɔ mɔ dzi yina ɖe ŋugbedodonyigbaa dzia, dukɔa dome ameŋkuta aɖewo ƒo nu tsi tre ɖe Mose kple ɖoƒe si Yehowa nɛ ŋu. Wogblɔ be: “Ha blibo la katã [menye Mose ɖeɖe ko o] le kɔkɔe, eye Yehowa le wo dome.” (4 Mose 16:​1-3) Ele eme be “ha blibo la” nɔ kɔkɔe le Yehowa ŋkume ya, gake Yehowae tia Mose be wòaxɔ ŋgɔ le yeƒe amewo dome. Eya ta esi aglãdzela mawo ƒo nu tsi tre ɖe Mose ŋu la, Yehowa ŋue wonɔ nu ƒom tsi tre ɖo. Menye nu si Yehowa di ŋue woƒe susu nɔ o, ke boŋ nu si woawo ŋutɔwo di ye, si nye ɖoƒe si kɔ wu kple ŋkɔxɔxɔ. Mawu tsrɔ̃ ame siwo xɔ ŋgɔ le aglãdzedzea me kple ame akpe geɖe siwo de wo dzi la hã. (4 Mose 16:​30-35, 41, 49) Míeka ɖe edzi be egbea hã, ame siwo tsia tre ɖe Yehowa ƒe habɔbɔa ƒe ɖoɖowo ŋu la ƒe nu medzea Yehowa ŋu o. w24.07 11 ¶11

Fiɖa, January 16

Azãgbe li na ŋutega la.—Hab. 2:3.

Míele ɣeyiɣi si me ame geɖe mexɔe se be xexea ƒe nuwuwu gogo o, eye woɖua fewu le mí ame siwo xɔe se ŋu gɔ̃ hã. (2 Pet. 3:​3, 4) Togbɔ be nu geɖe li siwo míenya o hã la, ehiã be xɔse sẽŋu nanɔ mía si be nuɖoanyi sia ƒe nuwuwu ava le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi, eye míaka ɖe edzi be Yehowa alé be na mí ɣemaɣi. Ele be míado ŋusẽ míaƒe xɔse, aka ɖe edzi be “kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la zãm Yehowa le egbea tsɔ le mɔ fiam mí. (Mat. 24:45) Ne xaxa gãa dze egɔme la, woana mɔfiame siwo axɔ mí ɖe agbe la mí. Ele vevie fifia be míaka ɖe ame siwo le ŋgɔ xɔm le Yehowa ƒe habɔbɔa me dzi. Ne mímeka ɖe wo dzi wɔna ɖe woƒe mɔfiamewo dzi fifia o la, ke asesẽ na mí be míawɔ ɖe mɔfiame si woana mí le xaxa gãa me dzi. w24.09 11 ¶11-12

Memleɖa, January 17

Miawo ŋutɔwo miate ŋu akpɔ kakaɖedzi le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu nyui dzeameŋu si le blibo la ŋu.—Rom. 12:2.

Dzila Kristotɔwo nyae be ɖeviwo menyia xɔse dome tso wo dzilawo gbɔ o. Esi viwò menyi xɔse dome tso gbɔwò o ta la, ne ele tsitsim la, biabia siawo tɔgbi ate ŋu ava susu me nɛ: ‘Aleke mawɔ aka ɖe edzi be Mawu li? Ðe mate ŋu aka ɖe nya siwo Biblia gblɔ dzia?’ Le nyateƒe me la, Biblia de dzi ƒo na mí be míazã míaƒe “tamebubuŋutete” eye ‘míado nuwo katã kpɔ.’ (Rom. 12:1; 1 Tes. 5:21) Ke aleke nàte ŋu akpe ɖe viwò ŋu be wòado ŋusẽ eƒe xɔse? Kpe ɖe viwò ŋu be wòaka ɖe Biblia me nyawo dzi. Ne viwòa bia nya aɖe la, wɔ mɔnukpɔkpɔa ŋu dɔ nàfiae ale si wòazã numekugbalẽwo abe Watch Tower Publications Index (Index des publications des Témoins de Jéhovah) kple Numekuku Ŋuti Mɔfiagbalẽ Na Yehowa Ðasefowo ene atsɔ adi ŋuɖoɖoawo. Le Numekuku Ŋuti Mɔfiagbalẽa gome la, ate ŋu adi nyati si nye “Biblia,” eyome wòadi tanya sue si nye “Etso Mawu Ƒe Gbɔgbɔ Me.” Akpɔ nyati vovovo siwo ɖo kpe edzi be menye agbalẽ nyui aɖe si amewo ŋlɔ ye Biblia nye o, ke boŋ enye “Mawu ƒe nya.”—1 Tes. 2:13. w24.12 15 ¶4-5

Kwasiɖa, January 18

Tsɔ nu siawo de asi na nuteƒewɔlawo, ekema woawo hã woadze nyuie afia nu ame bubuwo.—2 Tim. 2:2.

Aleke hamemetsitsiwo ate ŋu asrɔ̃ Yesue? Ele be hamemetsitsiwo nana hehe nɔviŋutsuwo ahakpe ɖe wo ŋu be woadze axɔ agbanɔamedzi geɖewo—sɔhɛwo hã le eme. Hamemetsitsiawo se egɔme be nɔvi siawo mede blibo o. Eya ta ele be woaɖo aɖaŋu na nɔviŋutsu ɖekakpui siawo le lɔlɔ̃ me be woasrɔ̃ ale si woabɔbɔ wo ɖokui, woawɔ nuteƒe, eye woalɔ̃ faa asubɔ ame bubuwo. (1 Tim. 3:1; 1 Pet. 5:5) Menye ɖeko Yesu de dɔ asi na eyomedzelawo be woaɖe gbeƒã ko o, ke egblɔ na wo hã be ‘woafia nu’ amewo. Nusrɔ̃laawo anya se le wo ɖokuiwo me be yewomedze awɔ dɔ ma o. Gake Yesu ka ɖe wo dzi be woate ŋu awɔe. Eye ena wonya be yeka ɖe wo dzi bliboe esi wògblɔ na wo be: “Abe ale si ko Fofo la dɔm ene la, nye hã mele mia dɔm.”—Yoh. 20:21. w24.10 16 ¶15; 17 ¶17

Dzoɖa, January 19

David . . . , ŋutsu si ƒe nu dze nye dzi ŋu.—Dɔw. 13:22.

David nye fia nyui aɖe. Enye hakpala, hakpanyaŋlɔla, aʋawɔla kple nyagblɔɖila. Eto nɔnɔme sesẽ geɖe me. Enɔ sisim le Fia Saul nu ƒe geɖe elabe Saul nɔ ŋu ʋãmee eye wòdi be yeawui. Esi David va zu fia gɔ̃ hã la, eva hiã be wòasi le via Absalom nu elabe eya hã di be yeawui axɔ zia le esi. Togbɔ be David to nɔnɔme sesẽ siawo me eye eya ŋutɔ da vo aɖewo hã la, eyi edzi wɔ nuteƒe na Mawu va se ɖe eƒe kugbe. Yehowa ɖɔ David be enye “ŋutsu si ƒe nu dze [yeƒe] dzi ŋu.” Eya ta anyo be míawɔ ɖe David ƒe aɖaŋuɖoɖowo dzi! (1 Fia. 15:5) David ɖo aɖaŋu aɖewo na via Salomo, ame si ava zu fia ɖe eteƒe. Yehowa tia ɖekakpui Salomo be wòatu gbedoxɔ na ye eye wòado tadedeagu dzadzɛa ɖe ŋgɔ. (1 Kron. 22:5) Dɔ gã aɖe ŋutɔe nye ema Yehowa de Salomo si. Aɖaŋu kae fofoa David ɖo nɛ? David gblɔ na via be ne eɖo to Yehowa la, nu sia nu adze edzi nɛ.—1 Fia. 2:​2, 3. w24.11 10 ¶9-11

Braɖa, January 20

Tsɔ wò mɔwo gblẽ ɖe Yehowa si me; ɖo ŋu ɖe eŋu, ekema eya ŋutɔ awɔe na wò.—Ps. 37:5.

Ele be srɔ̃ŋutsu si sẽa ŋuta le srɔ̃a ŋu alo dzunɛ la naɖe afɔ aɖewo atsɔ adzra eya kple Yehowa kpakple srɔ̃a dome ɖo. Gbã, ele be wòade dzesii be kuxi gã aɖe le ye ŋu. Naneke mele ɣaɣla ɖe Yehowa o. (Ps. 44:21; Nyagb. 12:14; Heb. 4:13) Evelia, ele be wòadzudzɔ srɔ̃a ƒoƒo kple edzudzu, eye wòatrɔ eƒe agbenɔnɔ kura. (Lod. 28:13) Etɔ̃lia, ele be wòaɖe kuku na srɔ̃a eye wòaɖe kuku na Yehowa hã abia woƒe tsɔtsɔke. (Dɔw. 3:19) Azɔ hã, ele be wòaƒo koko na Yehowa be wòana didia ye be yeatrɔ yeƒe nuŋububu, nuƒoƒo, kple nuwɔna. (Ps. 51:​10-12; 2 Kor. 10:5; Flp. 2:13) Enelia, ele be wòawɔ nu wòawɔ ɖeka kple eƒe gbedodoɖaa eye wòatsri ŋutasẽnuwɔna ɖe sia ɖe kple nya veamewo gbɔgblɔ. (Ps. 97:10) Atɔ̃lia, ele be wòawɔ kaba abia kpekpeɖeŋu tso hamemetsitsiwo gbɔ. (Yak. 5:​14-16) Adelia, ehiã be wòawɔ ɖoɖo aɖewo koŋ siwo dzi wòazɔ ɖo be wòagawɔ nu mawo siwo wòwɔna tsã o. w25.01 11 ¶14

Kuɖa, January 21

Nu ka tae nèle hehem ɖe megbe? Tso, na woanyrɔ wò.—Dɔw. 22:16.

Ðe nèlɔ̃ Yehowa Mawu, ame si gbɔ wò agbe kple nu nyuiwo katã tsoa? Àdi be yeaɖee afia be yelɔ̃ea? Ke mɔ nyuitɔ kekeake si dzi nàto aɖe esia afiae nye be nàɖe adzɔgbe nɛ eye nàxɔ nyɔnyrɔ ɖe tsi me. Ne èɖe afɔ sia la, ke àva nye Yehowa ƒe ƒomea me tɔ. Esia ana Yehowa nafia mɔ wò ahalé be na wò elabe èva zu etɔ. (Ps. 73:24; Yes. 43:​1, 2) Adzɔgbeɖeɖe kple nyɔnyrɔxɔxɔ aʋu mɔ na wò hã be nàva nɔ agbe tegbee. (1 Pet. 3:21) Ðe nèle nyɔnyrɔxɔxɔ hem ɖe megbe le susu aɖewo taa? Ne nenemae la, ke menye wò ɖekae o. Ame miliɔn geɖe wɔ tɔtrɔwo le woƒe agbenɔnɔ me kple ale si wobua nuwoe ŋu hafi dze xɔ nyɔnyrɔ. Wole vevie dom nu le Yehowa subɔsubɔ me fifia eye wole dzidzɔ kpɔm. w25.03 2 ¶1-2

Yawoɖa, January 22

Gbɔwòe tsɔtsɔke vavãtɔ le.—Ps. 130:4.

Zi geɖe la, Biblia tsɔa nu vɔ̃ sɔna kple agba kpekpe. Fia David gblɔ be: “Nye vodadawo kɔ gbɔ tanye; wole abe agba kpekpe si wu tsɔtsɔ nam ene.” (Ps. 38:4) Gake Yehowa tsɔna kea nu vɔ̃ wɔla siwo trɔ dzi me. (Ps. 25:18; 32:5) Hebrigbe me nya si gɔme woɖe be ‘woatsɔ ake’ la fia be “woakɔ nane ɖa.” Le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu la, ɖeko Yehowa le abe ŋutsu sesẽ aɖe si kɔa míaƒe nu vɔ̃wo ƒe agba kpekpe ɖa le mía dzi ene. Biblia zã kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ bubu si ɖe ale si Yehowa tea míaƒe nu vɔ̃wo ɖa la fia. Psalmo 103:12 gblɔ be: “Ale si ɣedzeƒe didi tso ɣetoɖoƒe gbɔe la, nenemae wòte míaƒe dzidadawo ɖa boo tso mía gbɔe.” Ɣedzeƒe didi boo tso ɣetoɖoƒe gbɔ, eye womate ŋu ado go gbeɖe o. Esia fia be Yehowa tea míaƒe nu vɔ̃wo ɖa yia adzɔge ʋĩi tso mía gbɔ. Ale si woɖɔ Yehowa ƒe tsɔtsɔke léa dzi na ame ale gbegbe! w25.02 9 ¶5-6

Fiɖa, January 23

Ne èkpɔ nublanui na amewo hena nu wo la, mègana kpẽ naɖi le ŋgɔwò o.—Mat. 6:2.

Esi Yesu dzo yi dziƒo megbe la, apostolo Petro da gbe le ŋutsu aɖe si nye tekunɔ tso esime wodzii la ŋu nukutɔe. (Dɔw. 1:​8, 9; 3:​2, 6-8) Nu wɔmoyaa sia wɔe be ame geɖe va nyè zi ɖe afi si nua dzɔ le. (Dɔw. 3:11) Togbɔ be amewo dia ŋkɔxɔxɔ le nuto si me Petro tsi le me hã la, mehe susu va eɖokui dzi o. Petro bɔbɔ eɖokui eye meɖe mɔ amewo kafui o; etsɔ kafukafua na ame siwo dze nɛ, siwo nye Yehowa kple Yesu esi wògblɔ be: “[Yesu ƒe] ŋkɔ, kple ŋkɔ sia si dzi míexɔ se la, mee ŋusẽ ɖo ŋutsu sia si kpɔm miele henya nyuie la ŋu le.” (Dɔw. 3:​12-16) Míate ŋu asrɔ̃ Petro ƒe kpɔɖeŋua atu ɖokuibɔbɔ ɖo. Míenyoa dɔme na amewo le esi míelɔ̃ Yehowa kple mía haviwo ta, ke menye esi míedi be míaƒe nu nadze amewo ŋu ta o. Ne míetsɔa dzidzɔ subɔa Yehowa kple nɔviwo togbɔ be ɖewohĩ amewo made dzesii o gɔ̃ hã la, míeɖenɛ fiana be míebɔbɔa mía ɖokui.—Mat. 6:​1-4. w25.03 10 ¶11-12

Memleɖa, January 24

Kpɔ ɖokuiwò kple wò nufiafia dzi nyuie ɣeawokatãɣi.—1 Tim. 4:16.

Dzo ate ŋu aɖo mía me ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu ne míena míaƒe susu le ale si míelɔ̃ Yehowa kple mía haviwoe ŋu. (Mat. 22:​37-39) Bu ale si dzi dzɔa Yehowa ne ekpɔ wò nèle dɔ sia wɔm ŋu kpɔ, eye bu ale si dzi dzɔa amewo ne wova te Biblia sɔsrɔ̃ ŋu kpɔ! Ðo ŋku edzi be mɔnukpɔkpɔ asu ame siwo ɖoa to míaƒe gbedeasia eye wotiae be yewoasubɔ Yehowa la si be woanɔ agbe tegbee. (Yoh. 6:40) Ðe nɔnɔme aɖewo wɔe be nètsi teƒe ɖeka? Ne nenemae la, wɔ nu siwo nàte ŋui atsɔ aɖee afia be nèlɔ̃ Yehowa kple hawòviwo. Le corona dɔvɔ̃ ƒe ɣeyiɣia mea, eva hiã be Samuel kple Dania natsi aƒe me. Le ɣeyiɣi sesẽ mawo mea, woɖia ɖase to telefon kple lɛtaŋɔŋlɔ dzi, eye wosrɔ̃a Biblia kple amewo to Zoom dzi. Togbɔ be Samuel kple Dania ƒe nɔnɔmewo meɖe mɔ na wo be woawɔ geɖe o hã, wowɔ nu si woate ŋui, si na wokpɔ dzidzɔ geɖe. w24.04 18-19 ¶15-16

Kwasiɖa, January 25

Ame kae akpɔ srɔ̃nyɔnu zazɛ̃? Exɔ asi wu adzagba.—Lod. 31:10.

Togbɔ be dzidzɔkpɔkpɔ le agbe me menɔ te ɖe srɔ̃ɖeɖe dzi o hã la, Kristotɔ siwo meɖe srɔ̃ o, woɖanye sɔhɛwo, alo ame tsitsiwo o, la dometɔ geɖe adi be yewoaɖe srɔ̃. Hafi nàdze zɔzɔ kple ame aɖea, ele be nàsu te le seselelãme gome, wò kple Mawu dome nanɔ nyuie, eye nàwɔ ɖoɖo nyui ɖe ganyawo hã ŋu. (1 Kor. 7:36) Anyo hã be nànya nɔnɔme siwo dim nèle be wòanɔ amea si hafi nàdze zɔzɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe gɔme. Gake ne mèwɔe nenema o la, ate ŋu adzɔ be màde dzesi ame si asɔ na wò o eye nàva nɔ zɔzɔm kple ame si masɔ na wò o boŋ. Azɔ hã, ele be ame si nàɖe la nanye Yehowa subɔla si xɔ nyɔnyrɔ. (1 Kor. 7:39) Gake menye ame sia ame si xɔ nyɔnyrɔ ye asɔ na wò o. Eya ta anyo be nàbia ɖokuiwò be: ‘Taɖodzinu kawoe le asinye? Nɔnɔme vevi kawoe madi be makpɔ le ame si maɖe ŋu? Ðe meda sɔ le nu siwo dim mele la mea?’ w24.05 20 ¶1, 3

Dzoɖa, January 26

Minyo dɔme na mia nɔewo.—Ef. 4:32.

Ne wò kple nɔvi aɖe miele zɔzɔm la, aleke miawɔ akpɔ kuxi kple masɔmasɔ siwo ate ŋu ado mo ɖa esi ɣeyiɣiawo va le yiyim la gbɔ? Ðe ema fia be miesɔ na mia nɔewo oa? Mefia nenema kokoko o. Nyateƒeae nye be, ame eve siwo le zɔzɔm ƒe susu mawɔ ɖeka le nu sia nu me ɣesiaɣi o. Nu si nana srɔ̃ɖeɖe lia kee nye ale si ame evea dea bubu wo nɔewo ŋu eye wodzea agbagba kpɔa kuxiwo gbɔe. Eya ta ale si miekpɔa kuxiwo gbɔe fifia ye aɖee afia be ne mieva ɖe mia nɔewoa, srɔ̃ɖeɖea adze edzi. Mi ame evea mibia mia ɖokuiwo be: ‘Ne kuxi aɖe do mo ɖaa, ɖe míedea bubu mía nɔewo ŋu heɖoa dze tso eŋu le tufafa mea? Ðe míelɔ̃na ɖe míaƒe vodadawo dzi dzea agbagba wɔa tɔtrɔ siwo hiã? Ðe míelɔ̃na faa ɖea asi le nya ŋu, ɖea kuku, eye míetsɔna kena?’ (Ef. 4:31) Gake ne miaƒe susu mesɔna gbeɖe o, eye nyahehe dzi koe mienɔna le miaƒe zɔzɔa mea, ke ɖewohĩ nuwo mava ka ɖe eme ne mieɖe mia nɔewo o. Ne èva de dzesii be ame kemɛa mesɔ na ye o la, ke nu si ade mi ame evea dzi koe nye be miasee ɖe afi ma. w24.05 29 ¶12

Braɖa, January 27

Woakafu Yehowa, nye Agakpe, Ame si fiaa avuwɔwɔ nye asiwo.—Ps. 144:1.

Ne míeɖoa to Yehowa le nu sia nu me eye míetua míaƒe nyametsotsowo ɖe Biblia dzia, míanye kpɔɖeŋu nyui na nɔviwo. Ne míaƒe xɔse le tsitsim ɖe edzi eye míaƒe sidzedze le dzidzim ɖe edzi la, míali ke le nyateƒea me geɖe wu. Mímanye dzimevesusula siwo melia ke o eye alakpanufiafiawo kple xexea ƒe nuŋububu maflu mí o. (Ef. 4:14; Yak. 1:​6-8) Eye míetea ŋu kpena ɖe ame bubu siwo le xaxawo me tom hã ŋu. (1 Tes. 3:​2, 3) Ele be hamemetsitsiwo nada asɔ le nuwɔna me, woaɖɔ ŋu ɖo, woanye ame siwo wɔa nu ɖe ɖoɖo nu kple nugɔmeselawo. Hamemetsitsiwo kpena ɖe nɔviwo ŋu be woaɖe dzi ɖi aɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu elabe wonye ame siwo “léna ɖe nyateƒenya la ŋu goŋgoŋ.” (Tito 1:9; 1 Tim. 3:​1-3) Hamemetsitsiwo ɖoa kpɔɖeŋu nyui. Wosrãa nɔviawo kpɔna. Wodea dzi ƒo na wo be woade kpekpeawo kple gbeadzi edziedzi eye woanɔ nu srɔ̃m le wo ɖokui si. Ne nɔviawo le kuxiwo me tom eye wotsi dzodzodzoe la, hamemetsitsiawo ate ŋu akpe ɖe wo ŋu woaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu eye woƒe susu nanɔ eƒe ŋugbedodowo dzi. w24.06 31 ¶16-18

Kuɖa, January 28

Mitrɔ dzi me, elabena Dziƒofiaɖuƒe la gogo.—Mat. 4:17.

Le Yesu ƒe subɔsubɔdɔ bliboa me la, ena amewo nya be ye Fofo lɔ̃a tsɔtsɔke. Bu kpɔɖeŋu si ku ɖe ŋutsu aɖe kple via ŋu la ŋu kpɔ. Via dzo le aƒe me va nɔ agbe baɖa hena ɣeyiɣi aɖe. Ke hã eva ‘nyɔ le eɖokui me’ eye wòtrɔ yi aƒeme. Aleke fofoa wɔ nui? Yesu gblɔ be: “Esi wòle mɔ dzi ʋĩi gbɔna la, fofoa kpɔe, eye . . . wòƒu du yi ɖawɔ atuu nɛ hegbugbɔ nu nɛ lɔlɔ̃tɔe.” Ðevia ɖoe be yeabia be yeanye subɔvi le ye fofo ƒe aƒea me. Gake fofoa yɔe be “vinye” eye wògatsɔe ɖo enɔƒe le ƒomea me. Fofoa gblɔ be: “Ebú, eye wogakpɔe.” (Luka 15:​11-32) Hafi Yesu nava anyigba dzi la, ekpɔ eteƒe Fofoa ƒe dɔme trɔ ɖe nu vɔ̃ wɔla siwo trɔ dzi me la ŋu eye wòkpɔ nublanui na wo. Yesu ƒe lododo sia wɔ dɔ ɖe ame dzi ŋutɔ! Ena míekpɔ ale si gbegbe mía Fofo Yehowa kpɔa nublanui. w24.08 11 ¶11-12

Yawoɖa, January 29

Miɖɔ ŋu ɖo.—1 Pet. 4:7.

Kristotɔ si ɖɔa ŋu ɖo dzea agbagba be yeanya Mawu ƒe susu le nuwo ŋu ne yeate ŋu atso nya me nyuie. Eɖoa ŋku edzi be naneke megale vevie le agbe sia me wu be ƒomedodo nyui nanɔ ye kple Yehowa dome o. Mabu eɖokui wu ale si dze o, elabe enyae be menye nu sia nue yenya o. Azɔ hã ebɔbɔa eɖokui doa gbe ɖa edziedzi tsɔ ɖenɛ fiana be yeɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu. Míeɖoa ŋku edzi be dzɔdzɔmeŋutete ka kee ɖale mía si o, ele be míanɔ gbe dom ɖa na Yehowa edziedzi. Esia gale vevie wu ne eva hiã be míatso nya me le nu veviwo ŋu. Le go siawo me la, míedoa gbe ɖa na Yehowa be wòafia mɔ mí elabe míeka ɖe edzi be eyae nya nu si nyo na mí. Míedaa akpe ŋutɔ be Yehowa na ŋutete mí be míaɖe yeƒe nɔnɔme nyuiwo afia. (1 Mose 1:26) Ele eme be míate ŋu aɖe Yehowa ƒe nɔnɔmewo afia le mɔ deblibo nu ya o.—Yes. 55:9. w25.03 11 ¶13; 13 ¶17-18

Fiɖa, January 30

[Lɔlɔ̃] kpɔa mɔ na nuwo katã, edoa dzi le nuwo katã me.—1 Kor. 13:7.

Mègabu amewo be wonye akpemadalawo o. Ne amewo meɖe ŋudzedzekpɔkpɔ fia ɖe nane si nèwɔ na wo ŋu o la, bia ɖokuiwò be: ‘Ðe wòfia be womekpɔa ŋudzedze ɖe nu ŋu oa, alo ɖeko woŋlɔ be be yewoada akpea?’ Ðewohĩ susu bubuwo tae womeɖe ŋudzedzekpɔkpɔ fia abe ale si nèkpɔ mɔe ene o. Ame aɖewo kpɔa ŋudzedze ɖe nu ŋu ŋutɔ, gake wometea ŋu ɖenɛ fiana o. Ekpea ŋu na ame aɖewo hã be woakpe ɖe yewo ŋu, vevietɔ ne woawoe kpena ɖe amewo ŋu tsã. Aleke kee wòɖale o, Kristotɔwo ƒe lɔlɔ̃ aʋã mí míase nu gɔme na mía nɔviwo eye míayi edzi akpɔ dzidzɔ si le nunana me. (Ef. 4:2) Gbɔ dzi ɖi na amewo. Fia nyanu Salomo ŋlɔ tso dɔmenyonyo ŋu be: “Da wò abolo ɖo ɖe tɔwo dzi, elabena àgakpɔe le ŋkeke geɖe megbe.” (Nyagb. 11:1) Kpukpui sia me nyawo ɖee fia be ame aɖewo ava ɖe ŋudzedzekpɔkpɔ afia “le ŋkeke geɖe megbe.” w24.09 30 ¶18-19

Memleɖa, January 31

Ka mo na ame siwo tsɔ nu vɔ̃ wɔwɔ ɖo dɔe la le amewo katã ŋkume, ne ame mamlɛawo nakpɔe ne woavɔ̃.—1 Tim. 5:20.

Ɣeaɖewoɣia woaɖe gbeƒã le hamea me be wogbe nya na ame aɖe. Ne edzɔ alea la, míate ŋu ayi edzi anɔ ha dem kplii faa, elabe etrɔ dzi me eye wòdzudzɔ nu gbegblẽa wɔwɔ. Ekpɔtɔ nye hamea me tɔ eye nɔviwo ƒe hadede kplii ade dzi ƒo nɛ be wòayi edzi awɔ nu si sɔ. (Heb. 10:​24, 25) Gake ame siwo woɖe la haa me ya ƒe nya to vovo kura. ‘Míedzudzɔa hadede kpli wo eye míeɖua nu kpli wo gɔ̃ hã o.” (1 Kor. 5:11) Ðe esia fia be míagbe nu le ame si woɖe le haa me gbɔ keŋkeŋua? Ao. Nyateƒee wònye be míade ha kplii o. Gake Kristotɔ ɖe sia ɖe awɔ eƒe dzitsinya si wòtsɔ Biblia na hehee ŋu dɔ atso nya me ne akpe ame siwo woɖe le haa me be wòade kpekpeawo, ɖewohĩ amea nye eƒe ƒometɔ alo exɔlɔ̃ kplikplikpli hafi wova ɖee le haa me. w24.08 30 ¶13-14

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2026)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2026 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe