INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
Eʋegbegbalẽwo (1983-2026)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Wòe Zɔ
Esia nye dɔwɔnu siwo wotsɔ wɔa numekuku le Yehowa Ɖasefowo ƒe agbalẽwo me le gbe vovovowo me.
Ne èdi be yeawɔ agbalẽwo ƒe kɔpi la, taflatsɛ yi ɖe jw.org.
  • Egbe

Kuɖa, April 15

[Milɔ̃] mia nɔewo.—Yoh. 15:12.

Edzɔa dzi na Yehowa ƒe amewo be yewoakpe ɖe yewo nɔewo ŋu. (2 Kor. 8:4) Gake ɣeaɖewoɣi la, esia wɔwɔ biaa dzinɔameƒo. Le kpɔɖeŋu me ne aʋa dzɔ la, hamemetsitsiawo kpɔnɛ be ele be yewoade dzi ƒo na nɔviawo ahakpe ɖe wo ŋu be woƒe asi nasu gbɔgbɔme kple ŋutilãme nuhiahiãwo dzi. Esi hamemetsitsiawo lɔ̃ nɔviawo ta la, wodea woawo ŋutɔ ƒe agbe afɔku me be yewoakpɔ nɔviawo ƒe nuhiahiãwo gbɔ na wo. Le nɔnɔme siawo tɔgbi me la, ele vevie ŋutɔ be míaɖo to ale be ɖekawɔwɔ nanɔ anyi. Wɔ ɖe mɔfiame siwo tso alɔdzedɔwɔƒea gbɔ la dzi. (Heb. 13:17) Ele be hamemetsitsiwo nanɔ ɖoɖo siwo li ku ɖe dzadzraɖo ɖe afɔku ŋu kple mɔfiame si habɔbɔa na ku ɖe nu siwo woawɔ ne afɔku dzɔ la me dzrom edziedzi. (1 Kor. 14:​33, 40) Dzi nenɔ ƒowò, gake ɖɔ ŋu ɖo. (Lod. 22:3) Bu nuwo ŋu nyuie hafi nàɖe afɔ. Mègade ɖokuiwò afɔku me dzodzro o. Ðo ŋu ɖe Yehowa ŋu. Ðo ŋku edzi be Yehowa di vevie be wò kple nɔviwòwo siaa mianɔ dedie. w24.07 4 ¶8; 5 ¶11

Ŋɔŋlɔawo Me Dzodzro Gbe Sia Gbe—2026

Yawoɖa, April 16

Meyɔ Yehowa le nye xaxawo me, . . . eye nye ɣlidodo be wòaxɔ nam la ɖo eƒe to me.—Ps. 18:6.

Fia David nya Yehowa eye wòɖo ŋu ɖe eŋu. Esi Fia Saul kple futɔ bubuwo nɔ agbagba dzem be yewoawu David la, edo gbe ɖa na Yehowa be wòakpe ɖe ye ŋu. Mawu ɖo eƒe gbedodoɖaa ŋu eye wòxɔ nɛ, eya ta David gblɔ be: “Yehowa le agbe!” (Ps. 18:46) David ƒe nya siawo mefia be elɔ̃ ɖe edzi be Mawu li ko evɔ o. Numekugbalẽ aɖe gblɔ be David ƒe nya siawo fia be eka ɖe Yehowa dzi be “eyae nye Mawu gbagbe la si wɔa avu ɖe eƒe amewo nu ɣesiaɣi.” Nyateƒee, nu siwo me David ŋutɔ to na wòka ɖe edzi be yeƒe Mawu la le agbe, eye kakaɖedzi ma na wòɖoe kplikpaa be yeayi edzi asubɔ Yehowa ahakafui. (Ps. 18:​28, 29, 49) Ne míeka ɖe edzi be Yehowa ye nye Mawu gbagbe laa, esia ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míatsɔ dzi blibo asubɔe. Dzi anɔ mía ƒo míado dzi le nɔnɔme sesẽwo me eye míayi edzi ado vevie nu le mawusubɔsubɔ me. Awɔe hã be míayi edzi aku ɖe Yehowa ŋu goŋgoŋ. w24.06 20-21 ¶3-4

Ŋɔŋlɔawo Me Dzodzro Gbe Sia Gbe—2026

Fiɖa, April 17

Migana ame aɖeke nakplɔ mi atrae o.—2 Tes. 2:3.

Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso nya si apostolo Paulo gblɔ na Tesalonikatɔwo me? Ne míese nya aɖe si mewɔ ɖeka kple nu siwo míesrɔ̃ tso Biblia me o, alo míese nyatakaka wɔmoya aɖe la, ele be míabu nuwo ŋu nyuie. Le tsã Soviet Union ƒe dziɖuɖua te la, míaƒe futɔwo ŋlɔ lɛta aɖe ɖo ɖe nɔviawo. Wona wòdze abe míaƒe habɔbɔa ƒe dɔwɔƒegã gbɔe wòtso ene. Lɛtaa me nyawo de dzi ƒo na nɔviawo be woaɖo habɔbɔ bubu aɖe si anɔ eɖokui si. Togbɔ be edze abe míaƒe habɔbɔa gbɔe lɛtaa tso ene hã la, meflu mía nɔvi wɔnuteƒewo o. Wode dzesii be lɛtaa me nyawo mewɔ ɖeka kple nu siwo yewosrɔ̃ o. Egbea, ame siwo tsi tre ɖe nyateƒea ŋu toa internet kple hahokadodowo dzi dzea agbagba be yewoatɔtɔ mí ahade mama mía dome. Mele be míaɖe mɔ ‘woatɔtɔ míaƒe susu o.’ Be míakpɔ mía ɖokui ta la, ele be míabu nuwo ŋu nyuie akpɔe ɖa be ɖe nu siwo míexlẽ alo nya siwo míese la wɔ ɖeka kple nu siwo míenya xoxo hã.—2 Tes. 2:2; 1 Yoh. 4:1. w24.07 12 ¶14-15

Ŋɔŋlɔawo Me Dzodzro Gbe Sia Gbe—2026
Wòe Zɔ
Esia nye dɔwɔnu siwo wotsɔ wɔa numekuku le Yehowa Ɖasefowo ƒe agbalẽwo me le gbe vovovowo me.
Ne èdi be yeawɔ agbalẽwo ƒe kɔpi la, taflatsɛ yi ɖe jw.org.
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2026 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe